Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 1:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Tete woɖo ŋu nam bena: Ame mamle siwo susɔ tso aboyo me le anyigba dzi afima la, wole dzɔgbevɔ̃e gã kple ŋukpe me; wogbã Yerusalem ƒe gliwo, eye wotɔ dzo eƒe agbowo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Woɖo eŋu be, “Nuwo menyo kura o, ame siwo gbɔ tso aboyome la, le xaxa kple ŋukpe gã aɖe me; womu Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi eye wotɔ dzo agboawo.”

Gade chapit la Kopi




Nehemia 1:3
33 Referans Kwoze  

Tete megblɔ na wo bena: Miele dzɔgbevɔ̃e, si me míele la kpɔm, be Yerusalem zu aƒeɖo, eye eƒe agbowo fiã oa? Eyata mina míaɖo Yerusalem ƒe gliawo, be womagaɖe alɔme le mía ŋu azɔ o!


Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔ, si le fia ŋu asrafowo ƒe amegã ŋu la, gbã Yerusalem-gliwo katã hã va kpe.


Anyigbadzitɔ, siwo gbɔ tso aboyo me, amesiwo Nehukadnezar, Babel-fia ɖe aboyoe yi Babel, eye wogbɔ va Yerusalem kple Yuda, amesiame yi eƒe du me la, wonye si;


Meto balimegbo la nu le zã me heva ke ɖe lovudo la kple akɔligbo la gbɔ, eye meɖe ŋku ɖe Yerusalem ƒe gli gbagbãwo kple alesi dzo fiã eƒe agbowoe.


eye meɖo ŋu na fia la bena: Fia nenɔ agbe tegbee! Nukaŋuti nyemaɖo adã o, esi du, si nye fofonyewo, ɖiƒe la, zu aƒedo, eye dzo fiã eƒe agbowo la?


Fia nenyae be, miede Mawu ga la ƒe xɔ gbɔ le Yuda-nyigba dzi, wotsɔ kpe gãwo le etumi, eye wode atiwo gliawo me, wole dɔ sia dzi kple mo vevi, eye wole ŋgɔ dem le wo si me.


Yehowa, do ŋu nusi dzo ɖe mía dzi la; ɖo ŋku anyi nakpɔ míaƒe ŋukpe ɖa!


Yehowa èse woƒe alɔmeɖeɖe kple tame, si woɖo ɖe ŋunye,


Yerusalem le ŋu ɖom eƒe atsyɔ, siwo katã nɔ eŋu le blema ŋkekewo me la, le eƒe hiãɣi kple anyidzeɣi, elabena eƒe amewo tsi futɔ la si me, eye xɔnametɔ meli o. Ketɔ la kpɔe, eye woke eƒe toyiyi.


Eye Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔ blibo, si le fia ŋu srafowo ƒe amegã ŋu la, gbã Yerusalem ƒe gliwo katã ƒu anyi.


Elabena ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Alesi metrɔ nye dɔmedzoe kple nye dziku ko ɖe Yerusalemtɔwo dzii la, nenema ke matrɔ nye dziku akɔ ɖe mia dzii, nenye be, mieyi Egipte; miazu atamkanu, ŋɔdzinu, ɖiŋudonu kple alɔmeɖenu, eye miagakpɔ teƒe sia kple ŋku o.


Eye Kaldeatɔwo tɔ dzo fia ƒe aƒe kple dukɔ la ƒe aƒewo, eye wogbã Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi.


Matso yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ anyã wo ɖe nu; matsɔ wo awɔ ŋɔdzinu na anyigba dzi fiaɖuƒewo katã, eye woazu ɖiŋudonu, bibi, alɔmeɖenu kple vlodonu le dukɔwo katã dome, afisi manyã wo aɖo ɖo.


Matsɔ wo awɔ bibi kple dzɔgbevɔ̃e na anyigba dzi fiaɖuƒewo katã, woanye alɔmeɖenu, lodonu, ahamasinu kple ɖiŋudonu le teƒe, siwo katã manyã wo aɖo ɖo.


Miɖe woƒe gliwo dzi, ne miagblẽ nu; ke menye gbidigbidi o! Miho woƒe weinkawo, elabena menye Yehowa tɔ wonye o.


Eyata medo gu amegã kɔkɔeawo, metsɔ Yakob de asi na tsɔtsrɔ̃ gbidigbidi, eye Israel na fewuɖuɖu.


Azɔ mana mianya nusi wɔ ge mala nye weingble la: Makaka kpo le eŋu, ne lãwo naɖui, magbã gli le eŋu, ne woazɔ edzi.


Míezu ŋukpe na míaƒe aƒelikawo kple alɔmeɖenu kpakple vlododo na amesiwo ƒo xlã mi?


Eva me le Axasweros ŋɔli — eya nye Axasweros, si ɖu anyigba alafa ɖeka kple blave vo adre dzi, tso India vaseɖe Kus —


Anyigba dzikpɔla, siwo nɔ Yerusalem la, wonye si: ke Israel, nunɔlawo Lewi-viwo, gbedoxɔ me dɔwɔlawo kpakple Salomo ƒe dɔlawo ƒe viwo nɔ Yuda-duwo me, amesiame nɔ eƒe anyigba dzi le eƒe du me —


Anyigbadzitɔ, siwo gbɔ tso aboyo me, amesiwo Babel-fia Nebukadnezar de aboyoe yi Babel, eye wogbɔ va Yerusalem kple Yuda, eye amesiame yi eƒe du me la, wonye esi;


ekema matsrɔ̃ Israel ɖa le anyigba, si mena wo la dzi, eye mate xɔ sia, si ŋu mekɔ hena nye ŋkɔ la ɖa le ŋkunye me, eye Israel azu hamelo kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome.


Amesi mate ŋu aɖu eƒe gbɔgbɔ dzi o la, le abe du, si wogbã gli le eŋu, wòtsi nuvo ene.


Eƒe agbowo ɖo agu, eye wogblẽ eƒe gametiwo heŋe wo; eƒe fia kple eƒe amegãwo le dukɔwo dome, se mele wo si o, woƒe nyagblɔɖilawo hã mekpɔa ŋutega tso Yehowa gbɔ o.


Magbã miaƒe duwo woazu glikpo, eye mana miaƒe teƒe kɔkɔewo nazu aƒedo, eye miaƒe numemewo magaʋẽ ɖem lilili o.


Maka mi ahlẽ ɖe dukɔwo dome, eye maɖi yi anɔ mia yomee, miaƒe anyigba azu gbegbe, eye miaƒe duwo azu glikpo.


Wòtɔ dzo Mawu ƒe aƒe la, eye wogbã Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi, wòtɔ dzo woƒe fiasãwo katã, eye wogblẽ woƒe nu xɔasiwo katã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite