Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 1:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Nexemya, Haxalya vi ƒe ŋutinyawo nye esi: Le dzinu Kisiew dzi le ƒe blavelia me, esime mele Susa-mɔ̃ me la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Esiae nye Nehemia, Hakalia ƒe vi ƒe nyawo. Le ɣleti wuievelia me, le Persia fia, Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaevelia me, esime menɔ Susa fiasã la me la,

Gade chapit la Kopi




Nehemia 1:1
9 Referans Kwoze  

Le fia Dario ƒe ƒe enelia me la Yehowa ƒe gbe va na Zaxarya, le dzinu asiekelia Kislew ƒe ŋkeke enelia dzi.


Le nusiawo katã megbe la míebla nu ɖikaa, eye míeŋlɔe ɖi na míaƒe amegãwo, míaƒe Lewi-viwo kple míaƒe nunɔlawo, eye míeɖo ŋkɔ ete.


le ɣemaɣi, esime Axasweros bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi le Susa-mɔ̃ me la,


Menɔ ŋutega la me yi Susan-mɔ̃, si le Elam-nyigba dzi la me, eye wòwɔ nam le ŋutega me abe Ulai-tɔsisi la to mele ene.


Eye amewo tso Israel-viwo, nunɔlawo Lewi-viwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔ me dɔwɔlawo dome va Yerusalem kplii le fia la ƒe ƒe adrelia me.


Tete duxɔlawo yi kaba le fia ƒe nya la nu, eye wode se la le Susa-mɔ̃ me. Eye fia la kple Haman wobɔbɔ nɔ anyi le aha nom; ke ʋunyaʋunya ɖo Susa-du la me.


Eye wòva me le dzinu Nisan li me le fia Artaxsasta ƒe ƒe blavelia me, esime wein le egbɔ le metso wein la de esi na fia la; — ke nyemeɖo adã le eŋku me kpɔ o.


Tete Yuda-ŋutsuwo kple Benyamin-ŋutsuwo va kpe ta ɖe Yerusalem le ŋkeke etɔ̃ megbe le dzinu asiekelia ƒe ŋkeke blavelia dzi, eye dukɔ blibo la haha nɔ anyi ɖe dogba dzi le Mawu ƒe xɔ la ŋgɔ, eye wole dzodzom nyanyanya le nya la kple tsidzadza ta.


Tso gbemagbe, esi wode se nam be, mazu anyigba dzikpɔla le Yuda-nyigba dzi la, mia kple nɔvinyewo míeɖu anyigba dzikpɔnu o ƒe wuieve sɔŋ, tso fia Artaxsasta ƒe ƒe blavelia dzi vaseɖe ƒe blaetɔ̃ vɔ evelia dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite