Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nahum 3:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Kusitɔ kple Egiptetɔ gbogboawo nye eƒe ŋusẽ, Putitɔwo kple Lubitɔwo nye wò xɔnametɔwo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Kus kple Egipte nye eƒe ŋusẽ triakɔ la. Nenema ke Putitɔwo kple Libiatɔwo nye eƒe kpeɖeŋutɔwo le aʋa me,

Gade chapit la Kopi




Nahum 3:9
12 Referans Kwoze  

Kus, Put, Lud kple dukɔ tsakatsakawo katã, Lub kple dzoɖuxɔlɔ̃wo ƒe viwo atsi yi nu akpe ɖe wo ŋu.


Amewo tso Persia, Lud kple Put nye aʋawɔlawo nɔ wò aʋakɔwo dome; wotsɔ akpoxɔnu kple gakuku ku nu ɖe mewò, woawoe ɖo atsyɔ na wò.


Persia, Kus kple Put kpe ɖe wo ŋu, akpoxɔnu kple gakuku le wo katã si,


Mi sɔwo, miɖe ta eme, mi tasiaɖamwo, minyẽ zi ɖe eme! Kalẽtɔwo neho, Kusi-viwo kple Put-viwo, amesiwo si me akpoxɔnu le, kpakple Libiatɔwo, amesiwo nye aŋutrɔdala, siwo hea da me!


Eye dzika atso wo ƒo, eye ŋu akpe wo ɖe Kus, si ŋu wole ŋu ɖom ɖo kple Egipte, si ta wole adegbe ƒom ɖo la ŋuti.


eye tasiaɖam akpe ɖeka kple alafa eve; kple sɔdola akpe blaade kpakple; aʋakɔ, si mele xexlẽ me o la, kpe ɖe eŋu tso Egipte, woawo nye: Lubitɔwo, Sukitɔwo kple Kusitɔwo.


Xam viŋutsuwo nye: Kus, Mizrayim, Put kple Kanaan.


Xam viwo nye: Kus, Mizrayim, Put kple Kanaan.


Alo ɖe Kusitɔwo kple Lubitɔwo menye aʋakɔ gãa ɖe hekpe ɖe tasiaɖamwo kple sɔdolawo ŋu kpaŋkpaŋ oa? Ke esi nède me Yehowa la, ɖe nyemetsɔ wo de asi na wò oa?


Amevi, gblɔ na Egipte-fia Farao kple eƒe ame gbogboawo bena: Amekae nẽsɔ kplii le wò gãnyenye me?


Egipte ƒe sikanuwo kple klosalonuwo kpakple nu veviwo katã anɔ esi me, eye Libitɔwo kple Kusitɔwo anɔ eye me.


ne wolé wò kple asi la, aŋe avuvu woƒe asi blibo la, eye ne woziɔ ɖe ŋuwò la, àŋe aƒo ɖe woƒe ali me blibo la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite