Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ne miegbe toɖoɖo, eye nya mede dzi gbɔ na mi o la, ekema maɖo fiƒode ɖa ɖe mia ŋu, eye matrɔ miaƒe yayra wòazu fiƒode; meƒo fi dee xoxo, elabena nya mede dzi gbɔ na mi o.
Ɖe ɖu, si nɔa aseye tsom, eye wòli bɔkɔɔ henɔa gbɔgblɔm le eƒe dzi me be: Míawoe nye gɔglɔ̃mitɔgɔ̃wo la, nye esia? Ke azɔ la ezu gbegbe kple gbemelãwo mlɔƒe, eye amesiame, si ato eŋu ayi la, ado tsiã, eye wòaʋuʋu asi.