Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nahum 3:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 kpɔ ɖa, ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Maƒo ɖe dziwò, eye maɖe wò taɖedzi lewo ŋutɔ ŋkuwò me, mana dukɔwo nakpɔ wò ama, eye fiaɖuƒewo nakpɔ wò ŋukpeƒe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be: “Le esia ta, metsi tsitre ɖe ŋuwò, azɔ maɖe motsyɔvɔ le mo na wò, mana dukɔwo nakpɔ wò amame, eye fiaɖuƒewo nakpɔ wò ŋukpe.

Gade chapit la Kopi




Nahum 3:5
12 Referans Kwoze  

Eyata nye hã meklo taɖedzi le ŋgɔgbe na wò, ne woakpɔ wò ŋukpe ƒe.


Dzata lé nu alesi atu viawo nu, eye wòwu nu na dzatanɔwo; etsɔ adzonu yɔ eƒe ɖowo fũ kple nuléle yɔ enɔƒewoe.


Woawɔ nu kpli wò abe ketɔ ene, eye woalɔ wò nuwo katã adzoe ahagblẽ wò ɖi natsi ama kple ƒeƒle, ale be wò ahasiwɔwɔ ƒe ama, wò ŋukpenanuwɔwɔ kple wò gbolowɔwɔ natsi go.


Ne ègblɔ le wò dzi me be: Nukata nusia dzɔ ɖe ye dzi hã la, le wò vodada gbogboawo tae woklo taɖedzi le ŋuwò, eye woɖe ƒuƒlu wò afɔkpodzi ɖo.


Ŋukpe aɖi ƒo na wò, eye menye bubu o; wò hã noe, ne naɖe ama, Yehowa ƒe nuɖusi lé kplu la wòva ɖo gbɔwò, eye, wò bubu aɖi gbɔ.


eyata maƒo wò ahiãviwo katã nu ƒu, esiwo ƒe nu dze ŋuwò kple esiwo katã nèlɔ̃na kpakple esiwo katã nèlé fui, maƒo wo nu ƒu ɖe ŋuwò tso goawo katã me, eye maɖe ama wò, ne woakpɔ wò ama blibo la.


Mi Safirtɔwo, miɖe ama miaʋu adzo; Zaanantɔwo mele dzodzo ge o; mifa konyi le Bet-Haezel, elabena mia gbɔe wòdze aʋa ɖo!


Mahe nye ŋuʋaʋã ava dziwò, eye woawɔ nu kpli wò le dziku me: Woakpa ŋɔti kple to na wo, eye viwòwo atsi yi nu; woakplɔ wò ŋutsuviwo kple wò nyɔnuviwo adzoe, eye dzo afiã wò nu susɔeawo.


Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, be: Kpɔ ɖa, mado ɖe dziwò, wò ame tovo; elabena: wò ŋkeke ɖe, wò toheɣi ɖo.


Eye nagblɔ na dzieheve la bena: Se Yehowa ƒe gbe, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mado dzo ɖe mewo, ne wòafiã ati mumuwo katã kple ati ƒuƒuwo katã; womatsi dzo ƒe aɖeawo o, eye ŋkuwo katã me atɔ aka tso dziehe vaseɖe anyiehe;


eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Tiro, maƒo de dziwò, eye mana dukɔ geɖewo naho de ŋuwò, abe alesi atsiaƒu nana eƒe tsotsoewo honae ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite