Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nahum 3:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Sɔdolawo dze aʋa, yi le dzo dam, eye akplɔwo le dzo sim; ame tsiaʋawo teƒe mekɔ o, eye ame kukuwo sɔ gbɔ kpaŋkpaŋ, seƒe meli na ame kukuwo o, eye wodze anyi ɖe woƒe ame kukuwo dzl.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Sɔdolawo dze agbo, yiwo le dzo dam, eye akplɔwo le dzo sim le woƒe asi me! Ame tsiaʋawo teƒe mekɔ o, ame kukuwo sɔ gbɔ taŋtaŋtaŋ, eye ɖewo tsi wo nɔewo dzi. Amewo le wo dzi zɔm le anyi dzem, le fɔfɔm; gale anyi dzem.

Gade chapit la Kopi




Nahum 3:3
10 Referans Kwoze  

Ɣe kple ɣleti tɔ ɖe wo teƒe, bene wò aŋutrɔ, siwo le yiyim la, nanye kekeli, eyewò akplɔ, siwo le dzo kem la, nanye keklẽ.


Mia kple wò aʋakɔ blibo la kple dukɔ, siwo katã kpe ɖe ŋuwò la, miatsi Israel-towo dzi; eye matsɔ wò ana xe ƒonuwo, lã, siwo katã to aʋala, kple gbemelãwo, ne woaɖu.


Tete Yehowa ƒe dɔla do ɖawu ame akpe alafa ɖeka kple blanyi vɔ atɔ̃ le Asurtɔwo ƒe asaɖa me. Eye esi wòtɔ le ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, wo katã wòzu ame kukuwo sɔŋ.


wotsɔ woƒe ame tsiaʋawo xlã ɖe anyi, woƒe ame kukuwo ƒe ʋeʋẽ de dzi, eye woƒe ʋu na towo lolo gbanaa.


Eƒe kalẽtɔwo ƒe akpoxɔnuwo biã hẽ, eye aʋawɔlawo le abe aɖabɛ dzitɔ ene, tasiaɖam ŋu gawo le dzo kem le akpablagbe, eye wole akplɔwo nyẽm.


Eye wòva me le zã ma me be, Yehowa ƒe dɔla do ɖawu ame akpe alafa ɖeka kple blanyi vɔ atɔ̃ le Asurtɔwo ƒe asaɖa me. Esi wofɔ ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, ame kukuwo sɔŋ koe li.


Tete wònyã ame la, eye wòna Kerubiwo tsɔ yi, si trɔa eɖokui, eye wòklẽna abe dzo ƒe aɖe ene la, ɖanɔ Eden-bɔ la ƒe ɣedzeƒe gome, bena woadzɔ agbeti la mɔ nu.


Mialɔ mia nɔewo aƒu anyi, abe alesi wotsia yi nu ene, wònye amea ɖeke mele mia nyãm o hafi, eye mianɔ te ɖe miaƒe futɔwo nu o.


Elabena dzo kple yi Yehowa atsɔ adrɔ̃ ʋɔnu ŋutilãwo katãe, eye Yehowa ƒe ame wuwuwo asɔ gbɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite