Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nahum 3:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Asur-fia, wò lãkplɔviwo le alɔ̃ ɖɔm, eye wò bubumewo le gbɔgbɔm ɖe eme, wò amewo kaka ɖe towo dzi; eye amea ɖeke meƒo wo nu ƒu o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 O Asiria fia, wò kplɔlawo le akɔlɔ̃e dɔm; wò bubumewo mlɔ anyi le dzudzɔm. Woakaka wò amewo ɖe towo dzi, eye ame aɖeke maƒo wo nu ƒu o.

Gade chapit la Kopi




Nahum 3:18
13 Referans Kwoze  

Egblɔ bena: Mekpɔ Israel blibo la wòka hlẽ ɖe towo dzi abe ale, siwo nu kplɔla mele o ene. Eye Yehowa gblɔ be: Aƒetɔa ɖeke mele amesiawo nu o, wo dome amesiame negbugbɔ yi eƒe me le ŋutifafa me.


Eye mana aha woƒe tatɔwo kple woƒe nunyalawo, woƒe anyigbanunɔlawo kple woƒe amegãwo kpakple woƒe kalẽtɔwo woano amu, eye woadɔ alɔ̃ tegbetegbe, womaganyɔ o; fia, si ŋkɔ nye Yehowa Zebaot lae gblɔe.


Eyata ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe to na Babel-fia kple eƒe anyigba, abe alesi mehe to na Asur-fia ene.


Ava me na wo abe sãde, si wonyã ɖe nu, kple alẽ, siwo amea ɖeke mele wo nu o la ene; amesiame atu ta eƒe dukɔ gbɔ, eye amesiame asi ayi eƒe anyigba dzi.


Eye anyigba dzi fiawo kple amegãwo kple aʋafia gãwo kple kesinɔtɔwo kple ŋusẽtɔwo kple kluviwo katã kpakple ablɔɖeviwo katã ɣla wo ɖokui ɖe dowo kple towo ƒe agawo me;


Yehowa be: Ne woƒe lãme tɔ dzo la, matu aglo na wo, eye mana woamu aha, ne woada alɔ̃ tegbetegbe, eye womaganyɔ akpɔ o.


Wò ɖetugbi, Babel nyɔnuvi, ɖi ɖe anyi, eye nabɔbɔ nɔ ke me! Bɔbɔ nɔ anyigba fiazikpui makpɔmakpɔe, wò Kaldea-nyɔnuvi! Elabena womagayɔ wò azɔ be fewunuwɔla kple atsyɔ̃nuwɔla vivivo o.


Vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi lé wo, wò alɔ sesẽ na wodze ti zu abe kpe ene, vaseɖe esime wò dukɔ la to wo dome yi, Yehowa, vaseɖe esime wò dukɔ, si nèɖe la, to wo dome yi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite