Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nahum 3:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Afima dzo aɖu wò le, aɖu wò abe ʋefra ene, eye yi atsrɔ̃ wò, ne éde ha abe ʋetrawo ene, eye nèsɔ gbɔ kpaŋkpaŋ abe ʋetsuviwo ene hã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Esi nèle nu siawo wɔm la dzo ava fia wò; yi alã wò aƒu anyi, eye woaɖu wò abe ale si ʋetsuvi ɖua nui ene. Midzi ɖe edzi abe ʋetsuviwo ene, misɔ gbɔ ɖe edzi abe ʋetsuviwo ene.

Gade chapit la Kopi




Nahum 3:15
10 Referans Kwoze  

Nusi ŋɔwo kpɔtɔ ɖi la, ʋetsuviwo ɖui; nusi ʋetsuviwo kpɔtɔ ɖi la, ʋetrawo ɖui, eye nusi ʋetrawo kpɔtɔ ɖi la, abɔwo ɖui.


Kpɔ ɖa, wò amewo le abe nyɔnuwo ene le dowòme; wò anyigba ƒe agbowo aʋu wo ɖokul na wò futɔwo siaa, eye dzo afiã wò gametiwo.


Dzata lé nu alesi atu viawo nu, eye wòwu nu na dzatanɔwo; etsɔ adzonu yɔ eƒe ɖowo fũ kple nuléle yɔ enɔƒewoe.


Ado eƒe asi ɖa ɖe anyiehe ŋu, eye wòatsrɔ̃ Asur, ana Niniwe nazu gbegbe, eye wòaƒu kplakplakpla abe tagba ene.


Eye ma ɖo ƒe, siwo ʋetsuviwo kple ʋetrawo, abɔwo kple ŋɔwo ɖu nu la teƒe na mi, woawoe nye nye aʋakɔ gã, si medɔ ɖe mia ŋu.


Elabena kpɔ ɖa, Yehowa gbɔna le dzo me, eye eƒe tasiaɖamwo le abe ahom ene, ne woaɖo eteƒe le eƒe dɔmedzoe ƒe dziku me, eye wòablu le dzoƒaɖe me.


Elabena dzo kple yi Yehowa atsɔ adrɔ̃ ʋɔnu ŋutilãwo katãe, eye Yehowa ƒe ame wuwuwo asɔ gbɔ.


Yehowa Zebaot la eƒe agbe be: Ne metsɔ amewo yɔ wò taŋ abe ʋetsuviwo ene hã la, woatso ayiboopɛɛ ɖe ŋuwò!


Eye Aƒetɔ Yehowa na mekpɔ ŋutega, kpɔ ɖa, ewo ʋetsuviwo, esime kelegbewo de asi miemie me; elabena kelegbewo miena, ne wova gbe na fia megbe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite