Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nahum 3:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Kpɔ ɖa, wò amewo le abe nyɔnuwo ene le dowòme; wò anyigba ƒe agbowo aʋu wo ɖokul na wò futɔwo siaa, eye dzo afiã wò gametiwo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Kpɔ wò asrafowo ɖa, wo katã wole abe nyɔnuwo ene. Wò anyigba ƒe agbo anɔ ʋuʋu ɖi siaa na wò futɔwo, eye dzo afia wò gametiwo.

Gade chapit la Kopi




Nahum 3:13
11 Referans Kwoze  

Babel-kalẽtɔwo dzudzɔ aʋawɔwɔ, wobɔbɔ no woƒe mɔ̃wo me, eye ŋusẽ vɔ le wo ŋu wozu nyɔnugbɔmewo; wotɔ dzo woƒe nɔƒewo, eye wòŋe woƒe gametiwo.


Ɣemaɣi la Egiptetɔwo anɔ abe nyɔnuwo ene, ŋɔ adzi wo, eye woadzo nyanyanya le Yehowa Zebaot ƒe asi, si wònyẽ ɖe wo ŋu la ŋuti.


Eɖo ŋku eƒe bubumewo dzi; wole ya mum le yiyim, eye woɖe abla yi ɖua ƒe gli gbɔ, ke wotu akpoxɔ ɖi xoxo.


Yi neva woƒe sɔwo kple woƒe tasiaɖamwo kpakple amedzro, siwo katã le wo dome la dzi, ne woazu nyɔnugbɔmewo! Yi neva woƒe kesinɔnuwo dzi, ne woaha wo!


Elabena ewɔ wò agbo ƒe gametiwo sesĩe, eye wòyra viwòwo le mewò;


Elabena egbã akɔbligbowo, eye wòfli ga yibɔ gametiwo.


Yi neva woƒe afakalawo dzi, ne woazu bometsilawo! Yi neva woƒe kalẽtɔwo dzi, ne dzi naɖe le wo ƒo!


Afima dzo aɖu wò le, aɖu wò abe ʋefra ene, eye yi atsrɔ̃ wò, ne éde ha abe ʋetrawo ene, eye nèsɔ gbɔ kpaŋkpaŋ abe ʋetsuviwo ene hã.


Teman, dzi aɖe le wò kalẽtɔwo ƒo, ne woatsɔ amewuwu atsrɔ̃ amesiame ɖa le Esau ƒe towo dzi.


Woaʋu agbo, siwo le tɔ to, eye dzidzi aƒo fiasã la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite