11 Wò hã àmu aha, wò mo atsyɔ zi, eye nadi sltsoƒe le futɔ la nu.
11 Wò hã àmu aha, asi abe, eye àdi sitsoƒe le futɔwo ta.
mana amesiwo te wò ɖe anyi la, naɖu woawo ŋuta ƒe lã, eye woamu woƒe ʋu abe wein ene. Eye ŋutilãwo katã nadze sii be, nye Yehowa enye wò xɔnametɔ, eye Yakob ƒe ŋusẽtɔ enye wò ɖela.
Yi ɖe agato me, eye naɣla ɖokuiwò ɖe ke me tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ la nu!
Ekema woade asi gbɔgblɔ me na towo bena: Midze mía dzi! eye na togbewo bena: Mitsyɔ mía dzi!
Elabena ne woɖo wo nɔewo me nyamanyama abe aŋɔka ene, eye woƒo tsi abe woƒe nunonowo ene la, woabi keŋkeŋ abe gbe ƒuƒu ene.
Woatsrɔ̃ nuxeƒe, siwo Israel tsa wɔ nuvɔ̃e la ɖa le Awen, ŋuwo kple aŋɔkawo alo ɖe woƒe vɔsamlekpuiwo dzi, eye woagblɔ na towo bena; Mitsyɔ mía dzi! eye na togbɛwo be: Mimũ dze mía dzi!
Migblɔe fia le Yuda, eye miɖe gbe ƒãe le Yerusalem be: „Miku kpẽ le anyigba la dzi!“ Mihe vekati míado ɣli be: „Miƒo takpli, eye mina míayi du sesẽwo me!“
Eye wòayi kpetowo kple anyigba dzi dowo me tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ nu, ne etso, be yeado ŋɔdzi na anyigba.
ke boŋ Mawue nye ʋɔnudrɔ̃la; eyae bɔbɔa amesi ɖe anyi, eye wòdoa ame keme ɖe dzi.
Kpɔ ɖa, ɖu nyui xɔla ƒe afɔwo ɖo towo dzi, eye wòle gbe ƒã ɖem ŋutlfafa be: Yuɖa, ɖu wò ŋkekenyuiewo, eye nawɔwò adzɔgbeɖeɖewo dzi; elabena ame vlo la magaƒo ɖe, dzlwò azɔ o, wo-tsrɔ̃e keŋkeŋ!
Woaɖuɖɔ kewɔ abe dawo kple anyigba dzi nutatawo ene, eye woadzo nyanyanya aɖo atso woƒe mɔ̃wome; dzidzi aƒo wo woava Yehowa, mía Mawu la gbɔ, eye woavɔ̃ wò.
Ne wobe ɖe Karmel ta me la, maɖi wo le afima ahe wo agbɔe, eye ne wosia ɖem ɖe atsiaƒu gɔme la, madɔ da woaɖu wo le afima.
Eye mana aha woƒe tatɔwo kple woƒe nunyalawo, woƒe anyigbanunɔlawo kple woƒe amegãwo kpakple woƒe kalẽtɔwo woano amu, eye woadɔ alɔ̃ tegbetegbe, womaganyɔ o; fia, si ŋkɔ nye Yehowa Zebaot lae gblɔe.
Nukaŋuti míegale anyinɔƒe ko? Miƒo takpli, míayi du sesẽwo me, ne míatsrɔ̃ ɖe afima; elabena Yehowa, mía Mawu la, le míaƒe tsɔtsrɔ dim; ekpe aɖitsi na mí mieno, le esi miewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu ta.
Mefanya dukɔwo le nye dɔmedzoe me, meto wo nyanyanya le nye dziku me, eye mena woƒe ʋu ɖuɖu de anyigba.
Miɖo asi nu, eye miaƒe nu Hetsi te, mitre ŋku, eye mizu ŋkuagbãtɔwo! Womu aha, ke menye wein ye wɔe o, wole ya mum, ke menye aha muame ye wɔe o.
Eye Filistitɔwo ƒe dzɔlawo kpɔ woa kple evea. Tete Filistitɔwo gblɔ bena: Kpɔ ɖa, Hebritɔwo do tso do, siwo me woɣla ɖo la me.
Esi Israel-ŋutsuwo kpɔ be, woɖo hiã me, eye dukɔ la ɖo xaxa me la, woɣla ɖe dowo kple ŋuvegoewo, agadowo, mɔwo kple ʋewo me.