Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nahum 2:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Woaɖe ama fiasrɔ̃ akplɔ adzoe,: eƒe nyɔmidɔlawo anɔ fafam abe akpakpa ene, eye woanɔ akɔta ƒom.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Ninive le abe ta si ƒe tsi le sisim ene. Ne woado ɣli be: “Mitɔ, mitɔ,” la, ame aɖeke manye kɔ akpɔ megbe o.

Gade chapit la Kopi




Nahum 2:8
15 Referans Kwoze  

Eye wògblɔ nam bena: Tsi, siwo nèkpɔ, siwo dzi gbolo la bɔbɔ nɔ la, wonye dukɔwo kple amehawo kple xexemedukɔwo kpakple gbegbɔgblɔwo.


Eye mawudɔla adre, siwo si kplu adreawo nɔ la, dometɔ ɖeka ƒo nu kplim gblɔ bena: Va afii, ne mafia gbolo gã, si bɔbɔ na tsi geɖewo dzi la, ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ wò;


Wo amegãwo le abe ʋetrawo ene, eye wò aʋaflawo le abe ʋe-tsuviwo ƒe ha ene, wodzona ɖe gliwo ŋu le gbesigbe vuvɔ le wɔwɔm, ke ne ɣe dze la, wotuna dzona, eye womegadzea siwo teƒe o.


Babel-kalẽtɔwo dzudzɔ aʋawɔwɔ, wobɔbɔ no woƒe mɔ̃wo me, eye ŋusẽ vɔ le wo ŋu wozu nyɔnugbɔmewo; wotɔ dzo woƒe nɔƒewo, eye wòŋe woƒe gametiwo.


Mitsrɔ̃ nuƒãla kple nuŋela le nuŋeɣi ɖa le Babel! Amesiame trɔ yi eƒe dukɔ gbɔ, eye amesiame si yi eƒe anyigba dzi le yi wuame la ta.


Nukaŋuti mele wo kpɔm dzidzi ƒo wo, eye wogbugbɔ ɖe megbe, wogbã woƒe kalẽtɔwo gudugudu, eye wòsi womegale megbe kpɔm o? Yehowa be: Ŋɔdzi li godoo.


Mitso aseyetsotso ʋu tso Babel, eye nusi tso Kaldea-nyigba dzi! Migblɔ nusia, eye miɖe gbe ƒãe, mihee yi anyigba ƒe mlɔenu ke, migblɔ be: Yehowa ɖe eƒe dɔla Yakob!


Ede aɖaŋu geɖe wòti ko na wò; na dziŋgɔli me nyalawo, amesiwo ɖea ŋku ɖe dzinuviwo, eye wodzea si nusi gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe dziwò le dzinu me la, natso axɔ na wò.


Ava me na wo abe sãde, si wonyã ɖe nu, kple alẽ, siwo amea ɖeke mele wo nu o la ene; amesiame atu ta eƒe dukɔ gbɔ, eye amesiame asi ayi eƒe anyigba dzi.


Eye wòʋu le anyigba sia dzi yi ɖe Asur, eye wotso Niniwe, Rexobot-Ir, Kalax


Wò amesi le lɔ gãwo to, eye kesinɔnu ɖo agbogbo ɖe asiwò, wò nuwuwu ɖo, eye dzidze, si nu woalã wò ɖo la ɖe!


le sɔtsuwo ƒe afɔtutu anyi kpitikpiti, le tasiaɖamwo ƒe zinyenyẽ kple tasiaɖamfɔwo ƒe hoowɔwɔ ta; fofowo matrɔ ɖe wo viwo ŋu o, elabena woƒe asi ado agblɔ


Nya ɖe Niniwe ŋu: Naxum, Elkositɔ ƒe nyagblɔɖigbalẽ enye si.


Mele fafàm abe sagbadre kple tsãlɛ ene, eye mele xɔxlɔ̃m abe ahɔne ene; nye ŋkuwò le dzi kpam nu te wo ŋu; Yehowa, meɖo xaxa me, xɔ nya ɖe nunye!


Mi katã miele gbe tem abe sisiblisiwo ene, eye miele xɔxlɔ̃m abe ahɔnewo ene; miele mɔ kpɔm na ʋɔnudɔdrɔ̃, ke meva o, miele mɔ kpɔm na xɔname, ke etsi adzɔge na mi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite