Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nahum 2:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Tasiaɖamwo le zi nyẽm le kpɔdomeewo; eye wole du dzi le ablɔwo me; wole abe kakatiwo ene, eye wole zɔzɔm abe dzikedzo ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Fia la ado ɣli ayɔ eƒe aʋafiawo; woanɔ du dzi anɔ anyi dzem, anɔ fɔfɔm be yewoayi aɖaɖo gli sesẽwo, ale be futɔwo mate ŋu akpɔ mɔ ava o.

Gade chapit la Kopi




Nahum 2:5
9 Referans Kwoze  

Dukɔwo se wò ŋukpe ŋkɔ, eye wò ɣlikpɛdodo yɔ anyigba dzi fũ; elabena kalẽtɔ dze anyi ɖe kalẽtɔ dzi, eye wo kple eve la siaa wotsi.


Asur-fia, wò lãkplɔviwo le alɔ̃ ɖɔm, eye wò bubumewo le gbɔgbɔm ɖe eme, wò amewo kaka ɖe towo dzi; eye amea ɖeke meƒo wo nu ƒu o.


Sɔdolawo dze aʋa, yi le dzo dam, eye akplɔwo le dzo sim; ame tsiaʋawo teƒe mekɔ o, eye ame kukuwo sɔ gbɔ kpaŋkpaŋ, seƒe meli na ame kukuwo o, eye wodze anyi ɖe woƒe ame kukuwo dzl.


Miyɔ aŋutrɔdalawo ɖe Babel ŋu! Mi amesiwo katã hea da me, miɖe to ɖee godoo va kpe, amea ɖeke megakpɔtɔ o! Miɖo eƒe nuwɔna teƒe nɛ, miwɔ nɛ pɛpɛpɛ, abe alesi wòwɔ ene, elabena Yehowa, Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu wòwɔ nu tovo ɖo.


Miɖo kplɔ̃, eye mikeke kuntruwo, miɖu nu, mino nu! Mi amegãwo, mitso, ne miasi ami na akpoxɔnu!


Ɖeɖi mate amea ɖeke ŋu o, eye ame kudɔea ɖeke manɔ wo dome o; womada alɔ̃ o, eye womada akɔlɔ̃e o, alidziblanu matu le woƒe ali o, eye woƒe atokotaka matso o;


Eɖo ŋku eƒe bubumewo dzi; wole ya mum le yiyim, eye woɖe abla yi ɖua ƒe gli gbɔ, ke wotu akpoxɔ ɖi xoxo.


Eƒe sɔ wo ɖi ɖu wu lãkle, eye woƒe afɔ, wo tsɔ wu famegãxi le zã me, eƒe sɔdolawo le zi nyẽm, didiƒe ke eƒe sɔdolawo tso, eye wole dzodzom abe hɔ̃, si le abla ɖem ɖe nuɖuɖu ŋu la ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite