Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nahum 2:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eƒe kalẽtɔwo ƒe akpoxɔnuwo biã hẽ, eye aʋawɔlawo le abe aɖabɛ dzitɔ ene, tasiaɖam ŋu gawo le dzo kem le akpablagbe, eye wole akplɔwo nyẽm.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Tasiaɖamwo le zi nyem le mɔtatawo dzi, eye wole du ƒum le ablɔwo me le yiyim le gbɔgbɔm. Woƒe dzedzeme le abe akakatiwo ene, eye wole dzo kem abe dzikedzo ene.

Gade chapit la Kopi




Nahum 2:4
10 Referans Kwoze  

Kpɔ ɖa, eho gbɔna abe alilikpo ene, eƒe tasiaɖamwo le abe ahom ene, eye eƒe sɔwo ɖia ɖu wu hɔ̃; baba na mí, elabena míetsrɔ̃.


Eƒe sɔ gbogboawo ƒe ʋuʋudedi abla wò kɔtɔɔ, eye sɔdolawo, tasiaɖamfɔwo kple tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ana be, wò gliwo nadzo kpekpekpe, ne ege de wò agbowo me, abe alesi wogena de du gbagbã me ene.


Elabena kpɔ ɖa, Yehowa gbɔna le dzo me, eye eƒe tasiaɖamwo le abe ahom ene, ne woaɖo eteƒe le eƒe dɔmedzoe ƒe dziku me, eye wòablu le dzoƒaɖe me.


Le nuwuɣi la dziehefia akpe kplii; anyiehefia atsɔ tasiaɖamwo sɔɖolawo kple ʋu geɖewo aho ɖe eŋu, eye woava aƒo ɖe anyigbawo dzi bibibi.


Eɖe alɔme le Aƒetɔ la ŋu to wò dɔlawo dzi gblɔ bena. Metsɔ nye tasiaɖam geɖeawo va towo ta me, vaseɖe Libanon ƒe tsutsuẽƒe ke, eye melã eƒe sederti kɔkɔwo kple eƒe sesewu nyuitɔwo, eye mede eƒe kɔkɔƒe kekeake kple eƒe abɔ me ti dodowo gbɔ.


Mi sɔwo, miɖe ta eme, mi tasiaɖamwo, minyẽ zi ɖe eme! Kalẽtɔwo neho, Kusi-viwo kple Put-viwo, amesiwo si me akpoxɔnu le, kpakple Libiatɔwo, amesiwo nye aŋutrɔdala, siwo hea da me!


Woatsɔ tasiaɖam kple tasiaɖamfɔ geɖewo ava ƒo ɖe dziwò, woatsɔ akpoxɔnu gã kple via kpakple gakuku adze aʋa ɖe ŋuwò godoo, eye matsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ade asi na wo, ne woadrɔ̃ ʋɔnu wò ɖe woƒe se nu.


Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, makplɔ Babel-fia Nebukadnezar, amesi nye fiawo dzi fia, atso anyiehe akpe ɖe sɔwo, tasiaɖamwo kple sɔdolawo, amehawo kple dukɔ geɖe ŋu ava ƒo ɖe Tiro dzi.


Mevɔna ɖe eƒe aƒe nu le vuvɔ ta o, elabena wotsyɔ kuntru dzi na eƒe aƒemetɔwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite