Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nahum 2:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Woaɖi gbɔloe ƒiaƒiaƒia, eye woahae! Dziwo alólo gbanaa eye klowo anɔ ƒoƒom kpakpakpa, aliwo katã adzo nyanyanya, eye ŋkumewo katã afu tititi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Afi ka dzatawo ƒe do la le azɔ? Afi si wonyia dzataviwo le, afi si dzatatsu kple dzatanɔ kple dzatavi ɖia tsa le vɔvɔ̃manɔmee ɖe?

Gade chapit la Kopi




Nahum 2:11
17 Referans Kwoze  

Wole gbe ɖem abe dzatanɔ ene, eye wole xaxlɔ̃m abe dzataviwo ene; wole gbe tem helé nu tso dzoe, eye amea ɖeke mate ŋu axɔe o.


Dzatawo xlɔ̃ ɖe eŋu, eye woɖe gbe; wowɔ eƒe anyigba wòzu gbegbe, wogbã eƒe du wòzu aƒedo.


Eƒe amegawo le eme abe dzata ɖegbe ene, eye eƒe ʋɔnuɖrɔ̃lawo le abe amegãxi, siwo le zã me, eye womekpɔtɔa naneke ɖi na ŋdi o la ene.


Baba na hlɔ̃dodu, si me alakpadada hɔ ɖo, ŋutasesẽ yɔe fũ, eye wòghe aslɖeɖe le adzodada ŋu!


Kpɔ ɖa, ado tso Yordan ƒe aƒlawo me abe dzata ene ayi ɖe lãnyiƒe, si de ama ɖaa la; elabena manyãe ɖa le eŋu le aɖabaƒoƒo ɖeka me, eye amesi metia la, eya matsɔ ado enu. Elabena amekae so kplim, amekae akplɔm ayi ʋɔnui, eye amekae nye lãkplɔvi, si anɔ te ɖe nunye?


Israel la, alẽ, si wonyã de gbe, eye dzatawo yɔ ɖe nu la wònye; gbã la Asur-fia ɖui, emegbe Babel-fia Nebukadnezar kuko eƒe ƒuwo.


Dzata do tso avegoe me, dukɔwo gblẽla tso, eye woho tso enɔƒe, be woatso wò anyigba awɔ gbegbee, eye wòagblẽ wò duwo woazu aƒedo.


Elabena ale Yehowa gblɔ nam enye si: Alesi dzata kple dzatavi nɔa gbe tem ɖe nuléle ŋu, eye ne woyɔ lãkplɔviwo ɖe eŋu kpaŋkpaŋ hã, woƒe ɣli meɖea dzi le eƒo o, eye meɖoa to woƒe howɔwɔ o la, nenema Yehowa Zebaot aɖi ɖe anyi, ne woawo aʋa le Zion-to la kple eƒe togbɛ la dzi.


Dzatavi enye Yuda. Le nuléle ta, vinye, anɔ to dzi. Emlɔ anyi tsyɔ akɔ abe dzatatsu ene, eye abe dzatanɔ ene; ameka ate ŋu aʋuʋui?


Kpɔ ɖa, dukɔ la tso abe dzatanɔ ene, eye wòto abe dzatatsu ene. Mele akɔ tsyɔ ge anyi o, negbe ɖeko wòaɖu eƒe nuléle, eye wòano amesiwo wowu ƒe ʋu hafi.


Amevi, to konyifaha ɖe Egipte-fia Farao ŋu nagblɔ nɛ bena: Wò amesi nye dzata le dukɔwo dome la, nuwò yi! Lo nènye nɔ tɔ me, ètu tsi to ŋɔti me, ètsɔ wò afɔ blu tɔe, eye nènyã avuzi le tɔsisi me.


Yakob ƒe ame mamleawo anɔ ɖukɔ geɖewo dome, abe Yehowa ƒe zãmu kple tsiɖzadza ɖe gbe dzi, si mekpɔa amea ɖeke sinu o, eye melalaa amegbelɔvia ɖeke o la ene.


Afika dzatawo nɔƒe le azɔ, eye afika dzataviwo ƒe nuɖuƒe le, afisi dzatatsu kple dzatanɔ kpakple dzataviwo tsana le, eye amea ɖeke medoa vodi na wo o?


Eyata asiwò katã ado agblɔ, eye amegbetɔwo ƒe dziwo katã alólo gbanaa.


Dukɔwo dzo nyanyanya le eŋgɔ, eye mowo katã fu tititi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite