Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nahum 2:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Miha klosalo, miha sika! Aƒemenuwo teƒe mekɔ o, eye nu vevi vovovowo sɔ gbɔ kpaŋkpaŋ!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Woɖi gbɔlo dua keŋkeŋ, wohae eye woɖe amae. Amewo ƒe dzi gbã, klowo le ƒoƒom kpakpakpa, ameti blibo la le dzodzom nyanyanya, eye ŋkume sia ŋkume afu tititi.

Gade chapit la Kopi




Nahum 2:10
24 Referans Kwoze  

Woke woƒe nu ɖe ŋunye abe dzata, si le xɔxlɔ̃m hele nu vuvum ene.


Dukɔwo dzo nyanyanya le eŋgɔ, eye mowo katã fu tititi.


fia la ƒe mo fu tititi, eye eƒe tamesusuwo ɖo ŋɔdzi nɛ, eƒe ali me ka tso, eye eƒe klowo le wo nɔewo ƒom kpakpakpa.


Mibia se, eye miɖo ŋku anyi be, ɖe ŋutsu dzia vi loo? Nukaŋuti mele ŋutsu sia ŋutsu kpɔm wotsɔ asi ɖo ali abe nyɔnu léku ene, eye woƒe ŋku me wo katã fu tititi?


Kpɔ ɖa, Yehowa aɖi gbɔlo anyigba, eye wòagblẽe, atrɔ eƒe ŋku me abu anyi, eye woaka edzi nɔlawo ahlẽ.


Eyata nye ali tsom, eye veve ƒo ɖe dzinye abe nyɔnu dzivi ƒe vevesese ene. Nye ta me tɔtɔ, ale be nyemele nu sem o, eye dzi-dzi ƒom, ale be nyemele nu kpɔm o.


Metsrɔ̃ ɖukɔwo, eye woƒe mɔ̃wo gbã; meɖo gbegbe woƒe ablɔwo, eye ame megatoa wo me yina, o; woƒe ɖuwo gbã zu aƒeɖo, eye ame vɔ le wo me.


Eye wòava me be, ne amea ɖe to ŋuwò yina la, asi le nuwo agblɔ bena; Wogblẽ Niniwe, ameka afa nɛ, eye afika maɖadi akɔfala le na wò?


gblɔ bena: Yehowa, wòe gblɔ ɖe teƒe sia ŋu be, yeatsrɔ̃e, ne amea ɖeke maganɔ anyi o, amegbetɔwo kple lãwo siaa, eye wòanye gbegbe tegbee.


Yehowa Zebaot be: Matsɔe awɔ hlɔ̃madewo nɔƒe kple simee, eye matsɔ tsɔtsrɔ̃ ƒe abaya akplɔe.


Esi míesee la, dzi ɖe le mia ƒo, eye kalẽ megale amea ɖeke me ɖe mia ŋu o, elabena Yehowa, mia Mawu, enye Mawu le dziƒo afime kple anyigba dzi afi.


Ke anyigba le nyama, nɔnɔme meli nɛ o, ele ƒuƒlu, eye viviti do ɖe tsi gbana la ŋku me, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ le agba sam le tsia dzi.


Eye Aitɔwo wu wo dome ame blaetɔ̃ vɔ ade, wonyã wotso agbo la nu vaseɖe kpeʋe la me, eye wòsi wo le aga la nu; tete dukɔ la ƒe dzi lolo zu tsi.


Nye dukɔ ƒe ƒoƒo na megbã gudugudu, mele nu xam, eye nye lãme ble fu.


Ɖe Damasko ŋu: Ŋu kpe Xamat kple Arpad; elabena wose nya vɔ̃, eye dzi ɖe le wo ƒo; ŋɔdzi le atsiaƒu nu, womate ŋu agbɔ ɖe eme o.


Amevi, trɔ ŋgɔ dze Yerusalem, dudu nya ƒo ɖe kɔkɔeƒe la ŋu, eye nagblɔ nya ɖi ɖe Israel-nyigba ŋu


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gbesigbe wòyi tsieƒe la, mena agu me tsiwo xa nu le eta, wogbugbɔ woƒe tɔsisiwo ɖe megbe, be woƒe tsiwo nu tso; Libanon ta ahovɔ le eta, eye gbemetiwo katã yrɔ le eta.


Nughlẽla le ƒoƒo ge ɖe dziwò: Kpɔ mɔ̃ sesẽwo ta, eye natsa ŋu te mɔ dzl, bla ali dzi, eye nade dzo la me vevie!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite