Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nahum 1:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Gbɔwòe amesi ɖo tame vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu, eye wòɖe adaŋu vlo la tso.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 O Ninive, mewòe ame si ɖo nugbe ɖe Yehowa ŋu, eye wòɖo aɖaŋu vlo na amewo la do tso.

Gade chapit la Kopi




Nahum 1:11
11 Referans Kwoze  

Tame ka miebe, yewoaɖo ɖe Yehowa ŋu? Ele nu tsrɔ̃ ge, eye xaxa maɖo ta ɖa zi evelia o.


eye yakamewo kple ame ɖigbɔwo ƒo ta kplii ɖe eŋu, eye wodo dzi tsi tre ɖe Salomo vi Rexabeam ŋuti: elabena Rexabeam nye ɖevi, eye dzi mele eƒo, ne wòana te ɖe wo nu o.


Eye migana Xizkiya natsɔ Yehowa ade dzi ƒo na mi agblɔ be: Yehowa aɖe mi, eye womatsɔ du sia ade asi na Asur-fia o.


Eye yakamea ɖe le afima, si ŋkɔ nye Seba, Bixri vi, eye wònye Benyamintɔ; eku kpẽ gblɔ bena: Gomea ɖeke mele Dawid gbɔ na mi o, eye domenyinu ɖeke mele Isai vi la si na mi o. Israel lee, mia dome amesiame neyi eƒe agbadɔ me!


Ke Eli viŋutsuwo nye ame vlowo, eye wometsɔ ɖeke le Yehowa ƒe nya


Eye wògblɔ nam bena: Amevi, ŋutsu siawo nye amesiwo le tame gbegblẽ ɖom, eye wole adaŋu vɔ̃ɖi ɖem le du sia me,


Baba na amesiwo ɖoa dzɔ-gbevɔ̃e ɖe ta me, eye wobua nu vɔ̃ɖl wɔwɔ ŋu le woƒe abawo dzi! Ne agu dze la, wowɔnɛ, elabena ŋusẽ le wo si,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite