Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nahum 1:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Elabena ne woɖo wo nɔewo me nyamanyama abe aŋɔka ene, eye woƒo tsi abe woƒe nunonowo ene la, woabi keŋkeŋ abe gbe ƒuƒu ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Woabla wo ɖe ŋuve me, woano woawo ŋutɔ ƒe wain amu, eye woabi abe gbe ƒuƒu ene.

Gade chapit la Kopi




Nahum 1:10
19 Referans Kwoze  

Ame nyuitɔ le wo dome le abe ŋu ene, eye nuteƒewɔla vɔ̃ɖi wu aŋɔka. Le wò gbetakpɔlawo ƒe ŋkekea dzi la tohehe ava na wò; azɔ tɔtɔ aɖo wo dome.


Wò hã àmu aha, wò mo atsyɔ zi, eye nadi sltsoƒe le futɔ la nu.


Yehowa Zebaot ƒe dziku na dzo ƒo anyigba, eye dukɔ la le abe dzo ƒe nuɖuɖu ene; amea ɖeke mekpɔ nɔvia ta o.


Eyata woƒe ke azu nu nyunyɔ abe ahɔ̃liti takpoe, si dzo ƒe aɖe fiã, kple gbe ƒuƒu, si nye afi ɖe dzo me la ene, eye woƒe seƒoƒo ami ya abe ʋuʋudedi ene, elabena wogbe Yehowa Zebaot ƒe nufiame, eye woɖe alɔme le Israel ƒe kɔkɔeto la ƒe nyawo ŋu.


Eye mana aha woƒe tatɔwo kple woƒe nunyalawo, woƒe anyigbanunɔlawo kple woƒe amegãwo kpakple woƒe kalẽtɔwo woano amu, eye woadɔ alɔ̃ tegbetegbe, womaganyɔ o; fia, si ŋkɔ nye Yehowa Zebaot lae gblɔe.


Yehowa be: Ne woƒe lãme tɔ dzo la, matu aglo na wo, eye mana woamu aha, ne woada alɔ̃ tegbetegbe, eye womaganyɔ akpɔ o.


Dzi mele kuyem o; ne makpɔ aŋɔkawo kple ŋuwò la, maho aʋa ɖe wo ŋu atɔ dzo wo katã;


Mawu tso, eƒe futɔwo ka hlẽ, eye eƒe ketɔwo si le eŋku me.


Eye Absalom de se na eƒe ɖekakpuiwo bena: Miɖo ŋku anyi; ne wein na Amnon le dzidzɔ kpɔm, eye megblɔ na mi be: miwu Amnon la, ekema miwui, eye migavɔ̃ o; esi wònye nyee de se na mi ɖe! Milé dzi ɖe ƒo, eye miwɔ ŋutsu!


Esi Abigail va Nabal gbɔ la, kpɔ ɖa, etu aglo ɖe eƒe me, abe alesi fia tua agloe ene, eye Nabal kpɔ dzidzɔ hemu aha wòtso me; ke megblɔ nya sue alo geɖe nɛ, vaseɖe esime ŋu ke o.


Woƒo kɔ ɖe ŋunye abe anyiwo ene, eye wotsi ahe aŋɔkadzo ene, Yehowa ƒe ŋkɔ dzi matsrɔ̃ wo ɖa le.


Kpɔ ɖa, gbe ƒuƒu wonye, dzo afiã wo, womaɖe woƒe agbe tso dzoƒaɖe ƒe ŋusẽ nu o, elabena menye dzoka xɔxɔ wònye, ne wòa ƒu o, eye menye mlekpui me dzo wònye, ne woabɔbɔ nɔ enu o.


Miva, ne maɖaku wein ve, eye míano aha muame; etso hã nanɔ abe egbe ene, eye eteƒe makɔ o.


Tete dukɔ la kaka ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi, bena woadi gbe.


Ewo nu tsu geɖe, eye neƒo wò ketɔwo ƒu anyi. Wò dɔmedzoe bi ɖe wo ŋu, eye wòfiã wo abe gbe ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite