Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mika 7:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ŋutsuvi aɖe alɔme le fofoa ŋu, eye nyɔnuvi atso ɖe dada ŋu; lɔ̃xoyɔvinyɔnu atso ɖe lɔ̃xoa ŋu, eye ŋutsu ƒe aƒemetɔwo anye eƒe futɔwo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 elabena viŋutsu made bubu fofoa ŋu o; vinyɔnu adze aglã ɖe dadaa ŋu eye lɔ̃xoyɔvi atso ɖe lɔ̃xoa ŋu. Ame ƒe futɔwo atso eya ŋutɔ ƒe aƒe me.

Gade chapit la Kopi




Mika 7:6
24 Referans Kwoze  

Woamã fofo kple viŋutsu me, eye viŋutsu kple fofo me, ɖada kple vinyɔnu me, eye vinyɔnu kple ɖada me; lɔ̃xo kple visrɔ̃ me, eye visrɔ̃ kple lɔ̃xo me.


Nɔvi lade nɔvi ku me, eye fofo lade vi asi, ɖeviwo latsi tre ɖe dzilawo ŋuti, eve woatsɔ wo ana woawu


Wolɔ gbegblẽ trɔ ɖe edzi, emlɔ anyi, eye magafɔ akpɔ o!


Wodoa vlo fofo kple dada le mewo, wotea amedzro ɖe anyi le mewo, eye wosẽa ŋuta le tsyɔ̃evi kple ahosi ŋu le mewo.


Menye mi katã ŋuti mele egblɔm ɖo o; menya amesiwo metia, gake bena woawu ŋɔŋlɔ la nu bena: „Amesi le abolo ɖum kplim la, kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋunye.“


Dzidzime, si doa ɖiŋu na fofoa, eye meyraa dadaa o la,


Gake dzilawo kple nɔviŋutsuwo kple ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ade mi asi, eye woawu mia dometɔa ɖewo.


Ke eɖo ŋu gblɔ bena: Amesi ƒe asi le agba me dem kplim la, eya kee ladem asi.


Wò dzoɖuxɔlɔ̃wo katã nyã wò vaseɖe liƒo dzi ke, xɔ̃wòwo ble wò, eye wokpe dziwò; wò aboloɖulawo ɖo mɔ̃ ɖe tewò, ke mèdze sii o.


Mese ame geɖewo ƒe ameŋulili kple ŋɔdzi godoo be: „Miɖe egɔme ɖe go, ne miaɖe egɔme ɖe go“! Amesiwo katã nye xɔ̃nyewo la, le xa me ɖe nye anyidzedze ŋu be: Ɖewohĩ ana woblee, eye míaɖi ba ɖe edzi ahabia míaƒe hlɔ̃e.


Elabena nɔviwòwo kple tofowò ƒemetɔwo hã trɔ le yowòme, woawo hã le ɣli dom ɖe yowòme sesĩe, megaɖo dzi ɖewo ŋu o, nenye be, wole nya ŋɔŋɔe gblɔm na wò hã.


Ŋku, si ɖea alɔme le fofoa ŋu, eye mebua dada ɖe naneke me o la, akpaviãwo ahoe le to me le tɔʋu to, eye hɔ̃viwo aɖui.


Eye Dawid gblɔ na Abisai kple eƒe dɔlawo katã bena: Kpɔ ɖa, vinye, si do tso nye ali me la, le nye ku dim; aleke wɔ Benyamintɔ mahadii oa? Mina, ne wòado ɖiŋu ko, elabena Yehowae gblɔe nɛ!


Ele fiefiẽm abe tsi ene, maganye gbãtɔ akpɔ o, elabena ede fofowò ƒe aba dzi, eye nedo ŋunyɔe gbemagbe, ẽ, nye aba dzie nede!


Wole tsyo dam nu le ɖusi me, ke dɔwuame nu mefa o, wole nu ɖum le mia me, ke womeɖi ƒo o, amesiame ɖu eya ŋutɔ ƒe abɔ ƒe lã;


Amesiame flua ehavi, eye wometoa nyateƒe o; wona alakpadada ma woƒe aɖe, eye wokua kutri le nu tovo wɔwɔ me.


amewo asẽ ŋuta le wo nɔewo ŋu, eye amesiame le ehavi ŋu, ɖeviwo adze agbo ɖe amegã ɖeɖiwo ŋu, eye yakamewo ɖe bubumewo ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite