Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mika 7:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ame nyuitɔ le wo dome le abe ŋu ene, eye nuteƒewɔla vɔ̃ɖi wu aŋɔka. Le wò gbetakpɔlawo ƒe ŋkekea dzi la tohehe ava na wò; azɔ tɔtɔ aɖo wo dome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Ame nyuitɔ si nàkpɔ le wo dome la le ko abe ŋu si tɔa ame ene eye woƒe nuteƒewɔla vɔ̃ɖi wu ŋukpɔtɔtɔ. Ke miaƒe gbetakpɔlawo ƒe ŋkeke la ɖo vɔ. Gbe si gbe Mawu ava asrã mi kpɔ la tu aƒe. Azɔ ɣeyiɣi si tɔtɔ aɖo wo dome la ɖo vɔ.

Gade chapit la Kopi




Mika 7:4
16 Referans Kwoze  

Elabena Aƒetɔ, Yehowa Zebaot he ʋunyaʋunya, tsɔtsrɔ̃ kple toto ƒe ŋkeke va ŋutegabali la me; wowlu gliwo te, eye ɣlikpɛ ɖi ɖo ɖe to la gbɔ.


Ke wò amevi, nenye be, nèle dza kple aŋɔkawo gbɔ, eye nètso aƒe ɖe dziɖegbewo gbɔ hã la, megavɔ̃ wo o, eye megavɔ̃ woƒe nyawo o! Megavɔ̃ woƒe nyawo o, eye woƒe mo megatso dzika ƒo na wò o, elabena ƒome sẽto wonye;


Nuka miawɔ le gbesigbe wotu eŋu fe, eye gbegblẽ tso adzɔge va? Ameka miasi atso, eye afika miagblẽ miaƒe kesinɔnuwo ɖo?


ke ne emie ŋuwo kple srẽwo la, ezu vlo, eye wòtso ɖe fiƒode gbɔ, esi ƒe nuwuwu nye fiafiã.


Eye dzesiwo lado ɖe ɣe kple ɣleti kple ɣletiviwo me, eye le anyigba dzi la vɔvɔ̃ laɖo dukɔwo, eye woawo dzodzodzoe le atsiaƒu ƒe gbeɖeɖe kple eƒe agbodzedze la ŋuti;


Elabena ne woɖo wo nɔewo me nyamanyama abe aŋɔka ene, eye woƒo tsi abe woƒe nunonowo ene la, woabi keŋkeŋ abe gbe ƒuƒu ene.


Eye wògblɔ nam bena: Amos, nuka kpɔm nèle? Meɖo ŋu be: Kutsetse ɖiɖi kusi taŋ. Tete Yehowa gblɔ nam bena: Nye dukɔ Israel ɖiɣi ɖo, nyemagatsɔe akee azɔ o.


Nu dzodzroawo wonye, dɔwɔwɔ, si ŋu woaɖe alɔme le la, wonye, woatsrɔ̃ le woƒe tohegbe.


Ne ŋukpe lé wo, le esi wowɔ nu nyɔŋu ta hã la, woƒe mo metsia dã o, eye womenyaa nukae nye ŋukpe o. Eyata woatsi ame tsiaʋawo dome, eye wòadze anyi le ɣeyiɣi, si mahe to na wo, Yehowa ye gblɔe.


Sesewuwo amie ɖe ŋuvewo teƒe, eye gbe ʋeʋẽewo amie ɖe dzawo teƒe, eye wòazu kafukafu na Yehowa kple ŋkuɖodzinu mavɔ, si nu mayi o.


woƒe amea ɖeke makpɔtɔ o, elabena mahe dzagbevɔ̃e ava Anatot-ŋutsuwo dzi le ƒe, si me mahe to na wo.


Amedzro, siwo nye asrafowo le wo dome, hã le abe nyivi dami ene; wo katã trɔ megbe hesi, eye womenɔ te o; elabena woƒe dzɔgbevɔ̃egbe, woƒe toheɣi va wo dzi.


Eye ŋu tɔame kple aŋɔka wɔnuveviame maganɔe na Israel ƒe aƒe la tso amesiwo ƒo xlã wo godoo, eye wole vlo dom wo la si me o, ne woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite