Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mika 7:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Woaɖuɖɔ kewɔ abe dawo kple anyigba dzi nutatawo ene, eye woadzo nyanyanya aɖo atso woƒe mɔ̃wome; dzidzi aƒo wo woava Yehowa, mía Mawu la gbɔ, eye woavɔ̃ wò.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Woaɖu ʋuʋudedi abe da kple nu gbagbe siwo tana le anyigba la ene. Woado le woƒe dowo me kple vɔvɔ̃, atrɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ŋu eye woavɔ̃ miawo hã.

Gade chapit la Kopi




Mika 7:17
27 Referans Kwoze  

Fiawo anye vinyilawo na wò, eye wo srɔ̃wo anye nonala na wò; woade ta agu atsyɔ mo anyi ɖe ŋkuwò me, eye wòaɖuɖɔ wò afɔ ŋu ke, eye adze si be, nyee nye Yehowa, eye nyemenana ŋu kpea amesiwo ɖoa ŋu ɖe ŋunye la o.


Gbegbe nɔlawo adze klo ɖe eŋku me, eye eƒe futɔwo atu mo ke me.


Nya ko wose le ŋunye, gake woɖo tom; du bubu me viwo vivi nume nam.


Kpɔ ɖa, maɖe Satana ƒe ƒuƒoƒemetɔa ɖewo, amesiwo gblɔna bena, Yudatɔwo yewonye, eye womenyee o, ke boŋ aʋatso wokana la; kpɔ ɖa, mawɔ wo be, woava ade ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woadze sii be, nye la melɔ̃ wò.


Eye miasi ayi nye to la ƒe bali me, elabena to la ƒe balime aɖe Azal ke; miasi, abe alesi miesi le anyigbaʋuʋu nu le Yuda-fia Uriya ŋɔli ene; Yehowa, nye Mawu la, ava eye ame kɔkɔeawo katã akpe ɖeeŋu!


netsɔ eƒe nu ƒo ɖe ke me, ɖewohi mɔkpɔkpɔ gali;


Eye woanye dzidzɔ ŋkɔ kafukafu kple adegbeƒoƒo nam le anyigba dzi dukɔwo katã dome, amesiwo ne wose nu nyui, siwo katã mawɔ na wo ŋkɔ la, ŋɔdzi alẽ wo, eye woadzo nyanyanya le nu nyui kple ŋutifafa, siwo katã mena wo la ŋuti.


Yehowa be: Kpɔ ɖa, mado ɖɔkplɔla geɖewo ɖa, ne woaɖe wo; emegbe madɔ adela geɖewo ɖa, ne woayɔ wo ɖe nu tso towo katã kple togbɛwo katã dzi kpakple agatowo me.


Amegãxi kple alẽvi woaɖu gbe le wo nɔewo gbɔ, dzata aɖu gbe abe nyi ene, eye da ƒe nuɖuɖu anye kewɔ. Womawɔ vɔ̃a ɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye to kɔkɔe blibo la dzi o, Yehowa ye gblɔe!


esime ne wo nu dziŋɔ, siwo míekpɔ mo na o, èɖi ɖe anyi, eye towo dzo kpekpekpe le ŋkuwò me!


Eye amesiwo se ŋuta le ŋuwò la ƒe viwo ado dɔgɔ̃e ava gbɔwò, amesiwo katã ɖe alɔme le ŋuwò la, ade ta agu ɖe wò afɔ nu ahayɔ wò be: „Yehowa ƒe ɖu.“ „Israel ƒe kɔkɔetɔ ƒe Zion“.


Ɣetoɖoƒetɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye ɣedzeƒetɔwo avɔ̃ eƒe ŋutikɔkɔe, elabena ele vava ge abe tɔsisi, si xaxa, eye Yehowa ƒe ahom lɔ ɖe nu la ene.


Eyata dukɔ nyanyrãwo ade bubu ŋuwò, eye dukɔ sesẽwo ƒe duwo avɔ wò.


Tso, Yehowa, megana amegbetɔ ƒe alɔ naɖe dzi o! Na woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo le ŋkuwò me!


Eye Filistitɔwo ƒe dzɔlawo kpɔ woa kple evea. Tete Filistitɔwo gblɔ bena: Kpɔ ɖa, Hebritɔwo do tso do, siwo me woɣla ɖo la me.


Woɖo ŋu na Yosua bena: Ɖe wogblɔ na wò dɔlawo bena, Yehowa, wò Mawu, de se na eƒe dɔla Mose be, yeatsɔ anyigba blibo la na mi, eye yeatsrɔ̃ anyigbadzitɔwo katã le mia ŋgɔ, eye mieva be, miava wu mí, eyata miewɔ alea ɖo.


Dɔ awu wo aɖi tsi de wo ŋu, eye asrã kple dɔvɔ̃ atsrɔ̃ wo; madɔ lãwo ƒe aɖu kple nutata, siwo tana le ké me la, ƒe aɖi ɖe wo ŋu.


Dzidzi ƒo amedzroviawo, eye woƒe lãme tu, wodo tso woƒe mɔwo me.


Tete Yehowa ƒe ŋɔdzi dze anyigba dzi fiaɖuƒe, siwo katã ƒo xlã Yuda godoo la dzi, ale be womewɔ aʋaa ɖeke kple Yosafat o.


Fiawo katã aɖe ta agu nɛ, eye dukɔwo katã asubɔe.


eye wo katã woava aƒo ɖe bali globowo kple kpetowo kple ŋuvegoewo katã kpakple lãnyiƒewo katã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite