Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mika 7:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Dukɔwo akpɔe, eye woƒe ŋusẽwo katã akpe ŋu na wo, woatsɔ asi aɖo nu, eye woƒe towo me atsi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Dukɔwo akpɔe eye ŋukpe alé wo elabena woƒe ŋusẽwo katã nu ayi. Woatsɔ woƒe asiwo aɖo nu eye woƒe towo atsi.

Gade chapit la Kopi




Mika 7:16
17 Referans Kwoze  

Yehowa, wò alo le dzi, ke womelé ekpɔm o; woakpɔ ŋuʋaʋã ɖe dukɔ la ŋu, eye ŋu akpe wo, eye dzo afiã wò ketɔwo.


nenema wòana dukɔ geɖewo ƒe nu naku, eye fiawo ƒe nu ade ga le eta, elabena nusi womegblɔ na wo kpɔ o la, wokpɔ, eye nusi womese kpɔ o la, wodze sii.


Kpɔ ɖa, nyemele ɖeke me o nya ka matsɔ aɖo eŋu na wò? Maɖo asi nu.


Eye dzi ku dukɔwo, eye wò dziku va, eye ame kukuwo ƒe ɣeyiɣi la ɖo, bene woadrɔ̃ ʋɔnu wo, eye be nana fetu wò dɔla, siwo nye nyagblɔɖilawo, kple ame kɔkɔewo kple amesiwo vɔ̃a wò ŋkɔ la, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, eye be natsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la.


Ke míenyae bena, nusianu, si se la le gbɔgblɔm la, etonɛ na amesiwo le se la me, bene amesiame ƒe nu natsi te, eye xexeme blibo la katã nazu fɔɖila na Mawu.


Le ɣemaɣi la madi be, matsrɔ̃ dukɔ, siwo katã ho ɖe Yerusalem ŋu la.


Wò alɔ aɖe ɖzl ɖe wò ketɔwo ŋu, eye woatsrɔ̃ wò futɔwo katã!


Mado gã ɖokuinye, makɔ ɖokuinye ŋu, eye maɖe ɖokuinye afia le dukɔ geɖewo ŋku me, ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.


Ke nye la, menya woƒe nuwɔwɔwo kple tameɖoɖowo. Azã su, be woaƒo dukɔwo katã kple aɖe wo nu ƒu, eye woava akpɔ nye ŋutikɔkɔe la.


Tete nukoko yɔ míaƒe nume fũ, míaƒe aɖe tso aseye, eye wogblɔ le dukɔwo dome be: Yehowa wɔ nu gã na woamawo.


Mitrɔ ɖe ŋunye, eye miaƒe nu neku, eye mitsɔ asi ɖo nu!


Ne ètsi bome le ɖokuiɖoɖoɖedzi me la, ekema ɖo asi nu, nenye be, nèdze nunya.


Ŋu-kpe alé nukpɔlawo, bokɔnɔwo ƒe mo atsi ɖã, eye wo katã woabla nu ɖe ge, elabena Mawu megale nya ŋu ɖom azɔ o.


mamũ fiaɖuƒewo ƒe fiazikpuiwo aƒu anyi, eye miatsrɔ̃ dukɔwo ƒe fiaɖuƒe sesẽwo, mamũ tasiaɖamwo kple wo me nɔlawo aƒu anyi, sɔwo kple wo dolawo adze anyi, eye amesiame atsi ehavi ƒe yi nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite