Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mika 6:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ɖe agbo akpewo kple amitɔʋu akpe nanewo adze Yehowa ŋua? Ɖe matsɔ vinye ŋgɔgbea ana ɖe nye dzidadawo ta kple nye dɔmevi ana ɖe nye luʋɔ ƒe nuvɔ̃wo taa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Ɖe agbo akpewo kple amitɔsisi akpe akpewo adze Yehowa ŋua? Ɖe matsɔ nye ŋgɔgbevi asa vɔe ɖe nye dzidadawo ta kple nye dɔmevi ɖe nye luʋɔ ƒe nu vɔ̃ ta mahã?

Gade chapit la Kopi




Mika 6:7
29 Referans Kwoze  

ke boŋ eto Israel-fiawo ƒe ʋe me; gɔglɔ̃gɔ la ena viawo to dzo me le dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la ƒe ŋunyɔnuwo nu.


Mawu, nye xɔname ƒe Mawu, ɖem tso hlɔ̃fe me, ekema nye aɖe atso aseye le wò dzɔdzɔenyenye ŋuti!


Tete Samuel gblɔ bena: A, numevɔsawo kple akpedavɔsawoe dzea Yehowa ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbea? Kpɔ ɖa, toɖoɖo nyo wu vɔsa, eye nusese nyo wu agbo ƒe ami


Elabena lɔlɔ ƒe nu dze ŋunyie vu akpeɖavɔsa, eye sidzedze Mawu dze ŋunye wu numevɔsa.


wowɔ Tofet-nuxeƒe ɖe Ben-Hinom-bali me la, ne woatɔ dzo woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyonuviwo, nusi ŋu nyemede se na wo le loo, alo wòayi nye la me va ge o.


Nyemalé nyitsu le aƒewò me alo gbɔ̃tsu le wò lãkpɔ me o.


Edo gu ŋunyɔƒe, si le Ben-Hinom-bali la me, be amea ɖeke magana viaŋutsu kple vianyɔnu nato dzo me na Molex o.


Ena viawo to dzo me, eye wosa dzo, eka afã, eye wòɖo ŋɔliyɔlawo kple akunyawɔlawo, eye wòwɔ nu vɔ̃ɖi geɖe le Yehowa ŋku me, ne wòatsɔ do dziku nɛ.


Tete wòlé eya ŋutɔ ƒe ŋgɔgbeviŋutsu, si le fia du ge ɖe eyome la, sa vɔe le glia dzi. Tete dɔmedzoe gãa ɖe va Israel dzi, eye wodzo le egbɔ hetrɔ yi woƒe anyigba dzi.


Libanon ƒe atiwo mesɔ gbɔ hena dzododo o, eye edzi lãwo mesɔ gbɔ hena numevɔsa o.


Megatsɔ viwò sa vɔe na Molex o, bena nagaƒo ɖi Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ o. Nyee nye Yehowa.


amesi megbugbɔ le ɖoɖom ɖe wò la. Wò la xɔ eyama, eyae nye nye ŋutɔ nye dzi,


Elabena ne miesa numevɔ kple nuɖuvɔ nam hã la, womadze ŋunye o, eye nyemanyẽ: kɔ akpɔ miaƒe nyivi damiwo ƒe akpedavɔsawo o.


Elabena wowɔ ahasi, eye ʋu le asi ŋu na wo, wotsɔ woƒe legbawo wɔ ahasii, eye wotsɔ wo vi, siwo wodzi nam la, to dzo me, ne woanye nuɖuɖu na wo.


wodi nuxeƒewo na Baal, ne woata dzo wo viwo abe numevɔsa ene na Baal, nusi nyemeɖo na wo o, nyemegblɔe na wo, alo wòahayi nye ta me va ge gɔ̃ hã o.


esime notsi kpekẽ ƒo nye afa bliba, eye ami ɖo le agakpe me le axanye la!


Esi dzinu evea nu yi la, egbugbɔ va fofoa gbɔ, eye wòwɔ nyɔnuvi la, abe alesi wòɖe adzɔgbee ene. Ke ŋutsua ɖeke mede asi eŋu kpɔ o. Eye wòtrɔ zu kɔnu le Israel ƒe sia ƒe


eye megbɔ tso Amon-viwo gbɔ le ŋutifafa me la, ekema nusianu, si ke ado tso aƒenye me ava kpena la, anye Yehowa tɔ, eye matsɔe asa numevɔe.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔsa enye ŋunyɔ na Yehowa: ke nuteƒewɔlawo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu.


Nusi dzɔ, eye wòle eteƒe la, wɔwɔ nyo Yehowa ŋu wu vɔsa.


Esia nye ŋutega, si Yesaya, Amoz vi la, kpo le Yuda kple Yerusalem ŋu le Yuda-fiawo Uziya, Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli.


Woatsɔ woƒe alẽwo kple nyiwo ayi Yehowa di gee, ke womakpɔe o, elabena eɖe eɖokui ɖa tso wo gbɔ.


Elabena mèdia akpedavɔsa o, anye ne mana wò; numevɔsa hã medzea ŋuwò o!


Nuka dzudzɔʋeʋẽedonu tso Saba kple gbekee xɔasi tso didiƒenyigba dzinye nam? Miaƒe numevɔsawo medzea ŋunye o, eye miaƒe akpedavɔsawo mevivina nam o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite