Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mika 6:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Mi towo kple anyigba ƒe agunu sesẽwo, mise Yehowa ƒe dzrenya! Elabena dzre le Yehowa kple eƒe ɖukɔ la dome, eye wòle ʋɔnu yi ge kple Israel.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 “Azɔ la, mi towo, miɖo to miase nya siwo Yehowa tsɔ ɖe mia ŋuti. Miɖo to, mi anyigba ƒe agunu mavɔwo, elabena Yehowa tsɔ nya ɖe eƒe dukɔ ŋuti eye wòtsɔ nya ɖe Israel ŋu.

Gade chapit la Kopi




Mika 6:2
19 Referans Kwoze  

Efrayim melɔ̃a nu le ya gbɔ o, eye wòtia ɣedzeƒeya yome; ele alakpadada kple ŋutasesẽ dzim de dzi gbesiagbe, eɖua dzo kple Asur, eye wòɖoa ami ɖe Egipte.


Israel-viwo, mise Yehowa ƒe nya, Yehowa le dzre hem kple, anyigbadzitɔwo, elabena nuteƒewɔwɔ, lɔlɔ̃ kple sidzedze Mawu mele anyigba dzi o.


Yehowa be: Miva mídrɔ̃ nɔ nu! Ne miaƒe nuvɔ̃wo le abe nyagadzĩ ene la, woafu abe sno ene, eye ne wòbiã abe aɖabɛ ene la, woazu abe alẽfu ene.


Edo anyigba gɔme anyi ɖe eƒe anyinɔwo dzi, ne magaʋã gbeɖe akpɔ o.


Tete atsiaƒu gɔme dze, eye anyigba ƒe anyinɔwo tsi go to Yehowa ƒe ŋɔdzidodo kple eƒe ŋɔti me gbɔgbɔ me.


Elabena nye ŋɔti me lé dzo, eye wòle bibi ge aɖe tsiẽƒe ke, afiã anyigba kple nusiwo wɔna le edzi, eye wòafiã towo ƒe gɔmegɔmea.


Yehowa be: Ne woate ŋu adzidze dziƒowo le dzi me, eye woate ŋu adzro anyigba ƒe agunu me akpɔ le anyi me la, ekema nye hã matsɔ Israel ƒe ƒome blibo la aƒu gbe le nusiwo katã wowɔ la ta, Yehowa ye gblɔe,


Howɔwɔ de anyigba ƒe mlɔenu; elabena Yehowa le avu wɔm kple dukɔwo, ele ʋɔnu drɔ̃m ŋutilãwo katã, eye wòatsɔ ame vɔ̃ɖiwo ade asi na yi, Yehowa ye gblɔe.


Yehowa be: Eyata magawɔ dzre kpli mi, eye mawɔ dzre kple mia viwo ƒe viwo.


Do ŋku edzi nam, na míahe nya kple mia nɔewo; to wò nyawo, ne towo nadzɔ.


Eyata mi Yerusalemtɔwo kple mi Yuda-ŋutsuwo, midrɔ̃ nya le mía kple nye weingble la dome!


Esime wòɖo seƒe na atsiaƒu, ne magagbɔ eƒe sedede dzi eyi o, eye wòdo anyigba ƒe zɔ anyi la,


Anyigba ʋã, eye wòʋuʋu, eye dziƒo ƒe anyinɔwo dzo kpekpekpe: woʋã elabena edo dɔmedzoe.


ekema meta dziƒo kple anyigba na mi egbea bena, miaku le anyigba, si dzi mietso Yordan yi, be míaxɔe wòanye mia tɔ la dzi avɔ amloamlo; mianɔ agbe le edzi eteƒe nadidi o; boŋ miatsrɔ̃ avɔ kokoko.


Yehowa tso, be yeahe nya, etsi tre ɖi va, be yeadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo.


Mise nya, si gblɔm Yehowa le: Tso nahe nya kple towo, eye togbɛwo nase wò gbe!


Yehowa le nya he ge kple Yuda, ahe to na Yakob le eƒe zɔzɔme nu, eye wòaɖo eƒe nuwɔnawo teƒe nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite