Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mika 6:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ɖe kesinɔnu madzɔmadzɔ kple nudotree nyaŋui, si ŋu fi-ƒode le la, gale ame vɔ̃ɖi ƒe me koa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 O, aƒe vɔ̃ɖi! Ɖe maŋlɔ wò kesinɔnu madzɔmadzɔ kple nudotre sue si dzi fiƒode le la bea?

Gade chapit la Kopi




Mika 6:10
21 Referans Kwoze  

Yehowa be: Womenya nu dzɔdzɔe wɔwɔ o, eye woli kɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple ŋutasesẽ ɖe woƒe fiasãwo me gleglegle.


Nudakpe eve ƒomevl kple nudotree eve ƒomevi la, ŋunyɔ woa kple eve la siaa wonye bia Yehowa.


Alakpaɖe tsɔtsɔ kpɔ kesinɔnui enye ƒuƒu, si nu yina, ku ƒe mɔ̃ wònye.


Nudakpe eve ƒomevi enye ŋunyɔ na Yehowa: nuɖanu amehatɔ menyo o.


Nuɖanu amebatɔ enye ŋunyɔ na Yehowa; ke nudanu blibo dzea eŋu.


Kesinɔnu madzɔmadzɔ menye viɖea ɖeke o; ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tsoa ku; me.


Ke Israel-viwo meɖi anukware le busunuawo me o, elabena Axan, Karmi vi, amesi nye Sabdi vi, amesi nye Zerax vi tso Yuda-toa me la, tsɔ busunuawo ƒe ɖe. Tete Yehowa ɖo dɔmedzoe ɖe Israel-viwo ŋu.


Mahe to na amesiwo katã tia kpo flɔa kpuiwo, eye wotsɔa ŋu-tasese kple alakpadada yɔa wo-ƒe aƒetɔ ƒe xɔwo taŋ la, gbemagbe.


Yehowa le du la yɔm; amesi vɔ̃a wò ŋkɔ la, nunyalae; milé to ɖe ameƒoti kple amesi ɖoe ɖa la ŋu!


Miɖo kpo ɖe fiasãwo ta le Asdod kple ɖe fiasãwo ta le Egipte-nyigba dzi gblɔ bena: Miƒo takpli ɖe Samaria-towo dzi, eye mikpɔ ʋunyaʋunyawɔwɔ geɖe kple ame teteɖeanyi, si le eme la ɖa.


Tete megblɔ be: Nuka enye esia? Eɖo ŋu hena: Esia enye nudotree, si ɖo gbɔna. Eye wògblɔ bena: Eyae nye woƒe vodada le anyigba blibo la dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite