Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mika 5:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Matsrɔ̃ dzokawo le asiwò, eye gbesalawo maganɔ asiwò azɔ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Magbã wò duwo eye mamu wò mɔ sesẽwo aƒu anyi.

Gade chapit la Kopi




Mika 5:11
10 Referans Kwoze  

Tete wòɖo ŋu gblɔ nam bena: Yehowa ƒe gbe na Zerubabel enye si: Mava me to aʋa-kɔ alo ŋusẽ me o, ke hoŋ to nye gbɔgbɔ dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe!


eya amesi de gbegblẽ ame sesẽ la dome, eye wòhe gbegblẽ va du sesẽ la dzi.


Aʋaɣli aɖi le wò dukɔ la dome, eye woagbã wò mɔ̃ sesẽwo katã, abe alesi Salman gbã Bet-Arbel, eye wòxlã dadawo kple viwo ɖe nu la ene.


agblɔ bena: Maho ɖe anyigba, si le nuvo la ŋu eye maƒo ɖe amesiwo li bɔkɔɔ, eye woɖe dzi ɖi la dzi, amesiwo li, eye gli, gameti kple agbo mele wo si o,


Tete megblɔ bena: Aƒetɔ, vaseɖe ɣekaɣie? Eɖo ŋu bena: Vaseɖe esime duwo nagbã, eye woazu aƒedo, xɔwo nazu xɔdo, eye anyigba nazu gbegbe,


Miaƒe anyigba zu gbegbe; dzo fiã miaƒe duwo, eye du bubu me tɔwo ɖu miaƒe agble le mia ŋku me, eye wòzu gbegbe, abe alesi wogblẽ Sodom ene.


Aƒetɔ la gblẽ Yakob ƒe lãnyiƒewo katã, mekpɔ wo ta o, eghã Yuɖa-nyɔnuvi ƒe mɔ̃ sesẽwo wosɔ kple anyigba le eƒe dziku me, eye wogblẽ ka ɖo na fiaɖuƒe la kple eƒe amegãwo.


Etso wò dukɔ, Yakob ƒe aƒe la, ƒu gbe, elabena ɣedzeƒetɔwo ƒe afakaka yɔ wo fũ, wosa dzo abe Filistitowo ene, eye wona asi du bubu me viwo.


Eyata alea ko woawɔ hafi atsɔ Yakob ƒe vodadawo akee, eye esia katã anye eƒe nuvowo ɖeɖeɖa ƒe kutsetse: be wòƒo vɔsamlekpui ƒe kpewo katã abe akalokpe gbagbã ene, eye Asera kple ɣelegbawo maganɔ anyi o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite