Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mika 4:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Azɔ nukaŋutl nẽle aƒa ɖom ale? Ɖe fiaa ɖeke megale me-wò o, eye adaŋudela bu ɖe wò, ale be nẽle ku lém abe nyɔnu, si le vi ɖzim la enea?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Azɔ nu ka ta nèle avi fam eye ɖe fia aɖeke mele asiwò oa? Afi ka wò fia si wòle be wòakplɔ wò la to? Ɖe wò aɖaŋuɖolawo ku hafi nèle ŋeŋem abe nyɔnu si le ku lém la enea?

Gade chapit la Kopi




Mika 4:9
20 Referans Kwoze  

Kpɔ ɖa, nye dukɔ ƒe ɣlikpe ɖi tso didiƒenyigba dzi be: „Ɖe Yehowa megale Zion oa, eye ɖe eƒe fia megale eme oa?“ Nukaŋuti wotsɔ woƒe aklama kpakpɛwo kple du bubu me towo ƒe yakanuwo do dziku nam?


Ekema woagblɔ bena: Fiaa ɖeke mele mía si o; míegbe Yehowa vɔvɔ̃, nukae fia awɔ na mí ma?


Elabena Israel-viwo anɔ anyi eteƒe nadidi, eye fia kple amegã, akpedavɔsa kple legba, kɔmewu kple aklama kpakpɛa ɖeke mana wo si o.


Míaƒe agbegbɔgbɔ, si nye Yehowa ƒe amesiamina la, ge ɖe woƒe ʋe me; eya amesi ŋu míegblɔ le be: Míanɔ agbe le eƒe vɔvɔli te le dukɔwo dome la.


Esi Babel-fia se nya le wo ŋu la, eƒe asiwò ɖo agblɔ, vɔvɔ̃ ɖoe, eye wose veve abe nyɔnu léku ene.


Wò amesi tso aƒe ɖe Libanon dzi, eye nèwɔ ato ɖe sedertiwo me, ne vevesese ƒo ɖe dziwo, eye nèlé ku abe nyɔnu, si le vi dzim ene la, aleke màhaɖe hũi o!


Ɣekaɣi manɔ aflaga kpɔm, eye manɔ kpẽwo ƒe ɖiɖi sem ase ɖo?


Alesi ne funɔ ƒe vidzidzi tu aƒe wonoa togotogoe ƒom nɔa ɣli dom le veve sese ta la, Yehowa, nenema míenɔ le ŋkuwò mee.


Eyata nye ali tsom, eye veve ƒo ɖe dzinye abe nyɔnu dzivi ƒe vevesese ene. Nye ta me tɔtɔ, ale be nyemele nu sem o, eye dzi-dzi ƒom, ale be nyemele nu kpɔm o.


Dzidzi ƒo wo, nutsoame kple veve lé wo, eye wole ku lém abe nyɔnu dzivi ene; wofa ŋku ɖe wo nɔewo dzi gã, eve woƒe mo le vem hẽ!


Nyɔnu la, ne fu le eɖum la, exaa nu, elabena eƒe gaƒoƒo la ɖo; ke ne edzi vi la vo la, emegaɖoa ŋku eƒe nuxaxa dzi o, le dzidzɔ ta bena, yedzi ame ɖe xexeame.


eye fu le eƒo, eye wòle ɣli dom le fuɖuame ŋuti, eye vidzidzi nye do nɛ.


Wòxɔ duwo, eye wòxɔ mɔ̃ sesẽwo. Moab-kalẽtɔwo ƒe dzi le ɣemaɣi abe nyɔnu, si le ku lém ƒe dzi ene.


Alé ku abe nyɔnu, si le vi dzim ene; vi manyanu wònye, elabena ne azã de la, metoa vidzimɔ nu o.


Ado ahatsɔ Yehowa ƒe ŋusẽ kple eƒe Mawu, Yehowa ŋkɔ ƒe gãnye-nye anyi woe, eye woanɔ anyi bɔkɔɔ, elabena alolo azɔ vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu.


Elabena mese ɣli abe nyɔnu, si le ku lém la tɔ ene, abe nyɔnu, si le vi ŋgɔgbea dzim la ƒe ŋɔdziɣli ene, mese Zion-nyɔnuvi, si le ŋeŋem hewu asi dzi la ƒe gbe be; Baba nam, elabena nye luʋɔ tsi amewulawo si!


Yehowa be: Eyata nye ɖɔla Yakob, megavɔ̃ o, Israel, dzi megaɖe le ƒowò o; elabena maɖe wò tso didiƒe kple wò ƒome tso anyigba, si dzi woɖe aboyoe yi la dzi; Yakob agatrɔ agbɔ, eye wòagbɔ ɖe eme bɔkɔɔ, amea ɖeke mado voɖi nɛ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite