Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mika 2:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 „Eyata wò amea ɖeke mada dzidzeka ɖe eƒe anyigba ŋu le Yehowa ƒe amehawo dome o.“

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Eya ta ne ɣeyiɣi de be woadzidze nu ama anyigba la, ame aɖeke manɔ mía si le Yehowa ƒe asaɖa me amae na mí o.

Gade chapit la Kopi




Mika 2:5
12 Referans Kwoze  

Miɖe ŋutsu etɔ̃etɔ̃ le to sia to me, ne madɔ wo woayi aɖatsa le anyigba la dzi, eye woaɖe anyigba, alesi nu ade wo nu la, agbalẽ me vɛ nam,


Esi dziƒoʋitɔ ma anyigba na dukɔwo, eye wòkaka ame gbetɔviwo me la, eɖo liƒo na dukɔwo, ɖe alesi Israel-viwo sɔ gbɔe nu.


Tete Yosua dzidze nu ɖe dzi na wo le Yehowa ŋku me le Silo, eye wòmã anyigba la na Israel-viwo wo tɔ wo tɔe.


Womatsi Yehowa ƒe anyigba dzi o, ke boŋ Efrayim agbugbɔ ayi Egipte, eye woaɖu nu makɔmakɔ le Asur.


Dzidzenu la dze nyuiaƒe nam; domenyinu la dze ŋunye.


Amesiwo tso Tel-Melax, Tel-Xarsa, Kerul, Adon kpakple Imer va, eye womete ŋu fia woƒe aƒekɔwo alo woƒe dzɔdzɔme be, Israel yewotso o la, wonye:


Meganyɔ ŋu Edomitɔ o, elabena nɔviwò wònye, eye meganyɔ ŋu Egiptetɔ o, elabena ènye amedzro kpɔ le eƒe anyigba dzi.


Amesi wòto voku na, alo wolã kakalikɛ nɛ la, mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me o.


Eve Mose de se na Israel-viwo bena Esia nye anyigba, si dzi woadzidze nu ɖo amã na mi la; anyigba si ŋu Yehowa ɖe se le be, woatsɔ na to asieke kple afã la.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


vaseɖe esime Yehowa ɖe Israel ɖa le eƒe ŋku ta, abe alesi wògblɔ to eƒe dɔla, nyagblɔɖilawo katã dzi ene, eye wòkplɔ Israel tso eƒe anyigba dzi yi Asur vaseɖe egbe.


hegblɔ bena: Wòe matsɔ Kanaan-nyigba ana wòanye miaƒe domenyinu, si wodzidze;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite