Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mika 2:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Gligbãla aho adze wo ŋgɔ, woagbãe ato agbo nu age ɖe eme, eye woagado, woƒe fia adze wo ŋgɔ, eye Yehowa anɔ wo nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Ame si gbãa agbowo la adze ŋgɔ na wo eye woato agboawo me ado go. Woƒe fia adze ŋgɔ na wo eye Yehowa anye woƒe kplɔla.”

Gade chapit la Kopi




Mika 2:13
36 Referans Kwoze  

Elabena menye kplakplakpla dzi miano aʋu o, eye miasi adzo o; elabena Yehowa adze ŋgɔ na mi, eye Israel ƒe Mawu la axe megbe na mi.


Amesiawo awɔ aʋa kple Alẽvi la, eye Alẽvi la laɖu wo dzi; elabena aƒetɔwo dzi aƒetɔ kple fiawo dzi fia wònye, eye amesiwo li kplii la, wonye ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kpakple nuteƒewɔlawo.


elabena alẽvi, si le fiazikpui la titina la, anyi wo, eye wòakplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔ, eye Mawu atutu aɖatsiwo katã ɖa le woƒe ŋkuwo me.


afisi Yesu yi ɖo le mía ta abe ŋgɔnɔla ene, amesi va zu nunɔlagã le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu yi ɖe mavɔmavɔ me.


Matsɔ Yehowa ade agbe wo ŋu, eye woazɔ le eƒe ŋkɔ me, Yehowa ye gblɔe.


Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒea ɖe anyi, si matsrɔ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubua ɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.


Kpɔ ɖa, metsɔe ɖo ɖasefo na dukɔwo, eye metsɔe ɖo dukɔwo ƒe amegã kple dziɖula.


ne naʋu ŋku na ŋkuagbãtɔwo, eye naɖe amesiwo wode gae la, tso ga me, kple amesiwo bɔbɔ no viviti me la, tso gaxɔ me.


Mava aɖe wo le tsieƒe si me, eye mava axɔ wo aƒle le ku si me! Ku, wò dɔvɔ ɖe? Tsieƒe, wò veve ɖe? Nublanuikpɔkpɔ ɣla ɖe mo nam!


Emegbe Israel-viwo atrɔ adi Yehowa, woƒe Mawu la, kple woƒe fia Dawid; eye woanɔ dzodzom nyanyanya ava Yehowa kple eƒe dɔmenyo gbɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu.


Nyee, nyee nye amesi afa akɔ na mi. Ameka nènye, be nèle amegbetɔ, si nye nu kukua, kple amegbetɔvi, si wowɔna abe gbe ene la vɔ̃m?


Maƒo Yakob nu ƒu blibo, eye makplɔ Israel ƒe ame mamleawo ɖe du; maƒo wo nu ƒu ɖe lãkpɔ me abe alẽwo ene, abe lãha le lãnyiƒe titina ene; eye afima agblẽ kple amegbetɔwo.


Eye megblɔ bena: Mi Yakob ƒe tatɔwo kple Israel ƒe aƒe me amegãwo, ɖe menye mlaƒe dɔ wònye be, miadze si se la oa?


Tete mawudɔla, si le Israel ƒe aʋakɔa ŋgɔ la, dzo yi ɖe wo megbe; eye alilikpo dodo la dzo le wo ŋgɔ yi wo megbe.


Eye Yosua gblɔ na nunɔlawo bena: Mikɔ nubablaɖaka la dze dukɔ la ŋgɔ! Tete wokɔ nubablaɖaka la dze dukɔ la ŋgɔ.


Yuda-viwo kple Israel-viwo aƒo takpli, eye woaɖo tatɔ ɖeka na wo ɖokui aho aʋa atso anyigba la dzi; elabena Yezreel ƒe ŋkeke la teƒe mekɔ o.


Mana abutɔlawo nazu ame susɔeawo, eye amesiwo wonyã yi didiƒee, nazu dukɔ sesẽ, eye Yehowa aɖu fia ɖe wo nu le Zion-to la dzi tso fifia ɖaseɖe mavɔ me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite