Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mika 2:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Maƒo Yakob nu ƒu blibo, eye makplɔ Israel ƒe ame mamleawo ɖe du; maƒo wo nu ƒu ɖe lãkpɔ me abe alẽwo ene, abe lãha le lãnyiƒe titina ene; eye afima agblẽ kple amegbetɔwo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 “O Yakob, magaƒo mia nu ƒu. Maƒo Israel ƒe ame mamlɛawo nu ƒu godoo. Maƒo wo nu ƒu abe alẽwo ene ɖe lãkpɔ me eye woanɔ abe alẽha le gbeɖuƒe ene.

Gade chapit la Kopi




Mika 2:12
28 Referans Kwoze  

Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mana Israel ƒe aƒe la naɖe kuku nam ɖe esia hã ta, eye mawɔe na wo: Mana woƒe amewo nasɔ gbɔ abe alẽwo ene.


Mawu kae ɖe nuwò? Wò amesi tsɔa vodada kena, eye mèléa ŋku ɖe wò domenyinu mamlea ƒe dzidada ŋu o; meléa dɔmedzoe ɖe ɖɔ me ɖikaa o, eye amenuveve ƒe nu dzea ŋuwò.


Tsɔ wò atikplɔ kplɔ wò dukɔ, wò ŋutɔ wò lãha, siwo ɖe ɖe aga le ave me le Karmel dzi; woaɖu gbe le Basan kple Gilead abe blema ene.


Eye Yakob ƒe ame mamleawo anɔ anyigba ɖzi dukɔwo me le ɖukɔ geɖewo dome abe dzata le gbemelãwo dome ene, abe dzatavi le alẽhawo dome, si, ne eto wo dome la, enyãa avuzi le nu dzi, eye wòvuvua nu, ke xɔnametɔa ɖeke menɔa anyi o la ene.


Eyata mada dzo ɖe Teman, ne wòafiã Bozra ƒe fiasãwo.


eye nagblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maɖakplɔ Israel-viwo atso dukɔwo dome, afisi woʋu yi, eye maƒo wo nu ƒu atso goawo katã me ava woƒe anyigba dzi.


Ke miawoe nye nye alẽwo, mi amegbetɔwoe nye nye lãnyiƒe ƒe alẽwo la, eye nyee nye mia Mawu; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


eyata maxɔ na nye alẽwo, eye womaganye nuhaha azɔ o, eye madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ kple alẽ dome.


Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meli maɖi nye alẽwo, eye malé ŋku ɖe wo ŋu.


Maƒo nye alẽ mamleawo nu ƒu atso anyigba, siwo katã dzi menya wo ɖo ɖa la dzi, eye magakplɔ wo ava woƒe gbeɖuƒe, eye wòadzi akeke ta.


Ʋu ƒo Yehowa ƒe yi, ami ɖoe, alẽviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋue, agbowo ƒe ayikuwo ŋu mie; elabena Yehowa le vɔsa ŋkekenyuie ɖum le Bozra kple lãwu ŋkekenyuie gã le Edom-nyigba dzi.


Eye ava me le ɣemaɣi be, Yehowa atsa ali aƒo luwo tso tɔsisi la nu vaseɖe Egipte-tɔʋu la nu, eye woata mi ɖekaɖeka, mi Israel-viwo.


Eye woava me le ɣemaɣi be, Aƒetɔ la ado eƒe asi ɖa zi evelia, ne wòaxɔ eƒe dukɔ mamlea, si kpɔtɔ ɖi la, aƒle tso Asur, Egipte, Patros, Kus, Elam, Sinear, Xamat kple atsiaƒu me ƒukpowo dzi.


Le ɣemaɣi la Yuda ƒe aƒe ayi Israel ƒe aƒe gbã, eye woaƒo takpli tso anyiehe-nyigba dzi ayi anyigba, si metsɔ na mia fofowo, ne wòanye domenyinu la dzi.


Esi Bela ku la, Serax vi Yobab tso Bozra ɖu fia ɖe eteƒe.


Alẽviwo aɖu gbe le afima, abe woawo ŋutɔ ƒe gbeɖuƒee wònye ene, eye lã tutɔwo aɖu nu le amidalawo ƒe aƒedowo me.


Gligbãla aho adze wo ŋgɔ, woagbãe ato agbo nu age ɖe eme, eye woagado, woƒe fia adze wo ŋgɔ, eye Yehowa anɔ wo nu.


Ke wò lãhawo ƒe xɔ tsrala, wò Zion-nyɔnuvi ƒe toghɛ, dziɖuɖu tsãtɔ asu asiwò, Yerusalem-nyɔnuvl ƒe fiaɖuƒe asu asiwò.


Wò alɔ aɖe ɖzl ɖe wò ketɔwo ŋu, eye woatsrɔ̃ wò futɔwo katã!


Esi Bela ku la, Yobab, Zerax vi tso Bozra, zu fia ɖe eteƒe.


Makplɔ wo tso dukɔwo dome, eye maƒo wo nu ƒu tso anyigbawo dzi, makplɔ wo ava woƒe anyigba dzi, eye manyi wo le Israel ƒe towo dzi kple bali wo me kpakple anyigba la ƒe amenɔƒewo katã.


Ma-kplɔ mi agbɔe ɣemaɣi, eye maƒo mia nu ƒu ɣemaɣi; elabena ne meɖo mi te miekpɔ kple ŋku la, matso mi awɔ bubu kple kafukafu le anyigba dzi ɖukɔwo katã ɖome; Yehowa ye gblɔe!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite