Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mika 1:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eyata mafa konyi, mafa avi, eye maɖe ƒeƒle anɔ yiyim; mafa konyi abe amegãxiwo ene, eye maxa nu abe golowo ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Le esia ta mafa avi ado ɣli; maɖe amama azɔ afɔ ƒuƒlu. Maxlɔ̃ abe amegaxi ene, eye mafa konyi abe adzexe ene,

Gade chapit la Kopi




Mika 1:8
19 Referans Kwoze  

Eyata mebe: Miɖe ko ɖa le ŋunye, ne mafa avi vevie, migaƒo ɖu ɖe nunye, be yewoafa akɔ nam le nye dukɔ ƒe vinyɔnu tsɔtsrɔ̃ la ŋuti o.


Mi nyɔnuwo, mise Yehowa ƒe nya, eye eƒe nu me nya nege ɖe miaƒe towo me; mifia nuxaxa mia vinyɔnuwo, eye nyɔnu sia nyɔnu nefia konyifaha ehavi.


Mawɔ Yerusalem woazu anyiglãgo kple amegãxiwo nɔƒe, eye mana Yuda-duwo nazu gbegbe kple aƒedo.


Oo, ɖe wònye dzeƒee le asinye le gbegbe la, anye ne magblẽ nye dukɔ ɖi, eye míaʋu tso wo gbɔ! Elabena ahasiwɔla kple ame tovowo ƒe ha wo katã wonye.


Nye dɔkaviwo, nye dɔkaviwo! Mele togotogoe ƒom le vevesese ta, nye dzixɔ, nye dzi dze agbo le menye, nyemate ŋu azi ɖoɖoe o, elabena nye luʋɔ le kpẽwo ƒe ɖiɖi kple aʋaɣli sem!


Eyata nye ali tsom, eye veve ƒo ɖe dzinye abe nyɔnu dzivi ƒe vevesese ene. Nye ta me tɔtɔ, ale be nyemele nu sem o, eye dzi-dzi ƒom, ale be nyemele nu kpɔm o.


Eyata mala avi, abe alesi Yaezer le avi fam ɖe Sibma ƒe weinka ŋu ene, Xesbon kple Eleale, mafa nye adatsi ɖe mía dzi, le esi aʋaɣli dze miaƒe kutsetsegbeɣi kple nuŋeɣi me la ŋuti.


gbemelãwo atsyɔ akɔ ɖe afima, eye favieʋuto ayɔ woƒe xɔwo me, golowo atso aƒe ɖe afima, eye azizãwo aɖi adzra le afima.


Nye ŋutilã miã ɖe nye ƒu ŋu le nye ŋeŋe sesĩ la ta.


Mezu agbotoewo nɔvi kple hati na golowo.


Eye eya hã ɖe eƒe awuwo ɖi hede asi nyagbɔgblɔ me ɖi le Samuel ŋku me, eye wòɖe ama ɖi ŋkeke blibo ma kple zã blibo la. Eyata wogblɔna be: Saul hãe le nyagblɔɖilawo domea?


Gbevũwo axlã le woƒe dziƒoxɔwo me kple amegãxiwo le woƒe agbeɖuɖu ƒe fiasãwo me. Woƒe ɣeyiɣi tu aƒe, eye woƒe ŋkeke mahe ɖe megbe o.


Mi amesiwo li bɔkɔɔ, dzidzi neƒo mi; mi ablɔɖewo, midzo nyanyanya! Miɖe ava ɖi, miɖe amama, eye misa akpanya ɖe ali!


Amevi, fa na Egipte ƒe ame gbogboawo, eye mia kple dukɔwo ƒe ŋusẽtɔwo ƒe nyɔnuviwo mido wo de tsieƒe ɖe amesiwo yi aʋli me la gbɔ!


Ɣemaɣi la woado lo ɖe mia ŋu, eye woadzi konyifaha agblɔ bena: Wogblẽ ml keŋkeŋ, wodzidze nye ɖukɔ ƒe anyigba, eye wome-gagbughɔe na ml o; womã míaƒe agblewo na amesiwo ɖe aboyo ml.


Le Xizkiya ƒe ƒe wuienelia me la Asur-fia Sanxerib ho ɖe Yuda-du sesẽwo katã ŋu, eye wòxɔ wo.


Esi Mardoxai se nya, siwo katã dzɔ la, Mardoxai dze eƒe awuwo, ta akpanya, si afi, eye wòto dua titina le ɣli dom sesĩe nublanuitɔe


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite