Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mika 1:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Woagbãwoƒe aklama kpakpɛwo katã, woatɔ dzo woƒe gbolonunanawo katã, eye matsrɔ̃ woƒe legbawo katã; elabena gboloho wotsɔ ƒo wo nu ƒui, eye gboloho woagazu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Woagbã eƒe legbawo gudugudu eye woatɔ dzo nunana siwo woli kɔe ɖe eƒe trɔ̃xɔwo me. Ale matɔ dzo eƒe legbawo katã. Elabena gboloho wotsɔ ƒo wo nu ƒui eye gboloho woagazu.”

Gade chapit la Kopi




Mika 1:7
22 Referans Kwoze  

Gboloa ɖeke meganɔ Israel-vinyɔnuwo dome o, eye Israel-viŋutsua ɖeke meganye ahasitɔ o.


Maklo nu le eƒe ŋukpeƒe dzi le eƒe ahiãviwo ŋku me, eye amea ɖeke maxɔe le asinye me o.


Elabena dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoe ƒe aha la, eye anyigba dzi fiawo wɔ ahasi kplii, eye anyigba dzi sitsalawo trɔ zu kesinɔtɔwo le eƒe hadzedze vivivo ƒe ŋusẽ ŋuti.


Elabena Israel wòdzɔ tso, gbede ye wɔe, eye menye Mawu wònye o; eyata Samaria ƒe nyivi la afli kakɛkakɛ.


Eye ne anyigba dzi tia, siwo wɔ amatre kplii, eye wonɔ hadzegbe kplii la, akpɔ eƒe bibi ƒe dzudzɔtutu la, woafa avi, eye woafa konyi nɛ.


Eye mana nukunuwo nado ɖe dziƒo ŋu kple anyigba dzi: Ʋu, dzo kple dzudzɔbabla kɔtɔɔ.


ne magaɖe amae ana wòanɔ abe gbesigbe wòdzii ene, mana wòasɔ kple gbegbe, wòaɖi kuɖinyigba, eye mana tsikɔ nawui wòaku o.


Eyata alea ko woawɔ hafi atsɔ Yakob ƒe vodadawo akee, eye esia katã anye eƒe nuvowo ɖeɖeɖa ƒe kutsetse: be wòƒo vɔsamlekpui ƒe kpewo katã abe akalokpe gbagbã ene, eye Asera kple ɣelegbawo maganɔ anyi o.


Esi wowu nusiawo katã nu vɔ la, Israel blibo, si va la, ho yi Yuda-duwo me, eye wogbã aƒeliwo, wòmũ Aserawo, eye wogbã nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo le Yuda blibo la. Benyamin, Efrayim kple Manase, vaseɖe esime wogblẽ wo keŋkeŋ. Emegbe Israel-viwo katã dome amesiame gbugbɔ yi eƒe du me le eƒe anyigba dzi.


Eye mexɔ nyivi, si miewɔ nuvɔ̃ hewɔ la, ɖe dzo me, eye metui memee wòtrɔ zu ʋuʋudedi, eye melɔ ʋuʋudedi la kɔ ɖe tɔʋu, si si tso toa dzi la me.


Magbã miaƒe vɔsamlekpuiwo, eye matutu miaƒe ɣelegbawo aƒu anyi, malɔ miaƒe ame kukuwo atrɔ ɖe miaƒe legba gbagbãwo dzi, eye miazu ŋunyɔnu nam.


Esi wogafɔ ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, Dagon tsɔ mo bu anyi ɖe Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ, eye ta kpakple asibayawo kple eve dudu le Dagon ŋu, eye wòƒo kponogo ɖi.


Eye legbawo nu ayi keŋkeŋ.


Le ƒe blaadre megbe la Yehowa agaɖo ŋku Tiro dzi, eye wòagatrɔ ɖe eƒe gboloho ŋu, eye woawo gbolo kple anyigba dzi fiaɖuƒe, siwo katã le xexea me.


Míaƒe duwo azu aƒedo le mia nɔƒewo katã, eye miaƒe nuxeƒewo agblẽ: elabena woagbã miaƒe vɔsamlekpuiwo, eye woatsrɔ̃ wo; woagbã miaƒe legbawo, eye woaɖe wo ɖa, woa mũ miaƒe ɣelegbawo, eye woatsrɔ̃ miaƒe dɔwɔwɔwo.


Magblẽ eƒe weinkawo kple aƒe gbotiwo, siwo ŋu wògblɔ le be, nunana wonye na ye, yeƒe ahlãvlwoe na ye la, eye mana woazu ave, ne gbemelãwo naɖu wo!


Samaria, wò nyivi le ŋu nyɔm, nye dɔmedzoe bi ɖe wo ŋu; ɣekaɣi hafi woate ŋu ana wo ɖokui ŋu nadza?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite