Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mika 1:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Laxistɔwo, mitsi sɔwo ɖe tasiaɖamwo ŋu! Elabena wòe nye Zion-nyɔnuvl ƒe nuvɔ̃ gãtɔ, eye gbɔwòe wokpɔ Israel ƒe dzidadawo le.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Mi Lakistɔwo mitsi sɔwo ɖe miaƒe tasiaɖamwo ŋu. Wòe nye Zion nyɔnuvi ƒe nu vɔ̃ ƒe gɔmedzeƒe elabena wokpɔ Israel ƒe nu vɔ̃wo le mewò.

Gade chapit la Kopi




Mika 1:13
27 Referans Kwoze  

Ke Asur-fia do Tartan, Rabsaris kple Rabsake kpakple aʋakɔ gãa ɖe tso Laxis ɖo ɖe Yerusalem ɖe fia Xizkiya ŋu, eye woho heva Yerusalem. Esi woho va la, wotɔ ɖe dzigbeta, si le avɔnyãla ƒe agblenu dzi la, ƒe tɔʋu nu,


Le nusiawo megbe la Asur-lia Sanxerib dɔ eƒe dɔlawo ɖo ɖe Yerusalem ɖe Yuda-fia Xizkiya kple Yuda blibo, si le Yerusalem la gbɔ, be woagblɔ bena: — ke eya ŋutɔ kple eƒe amewo katã le Laxis kasa —


Tete Yerusalem-fia Adonizedek dɔ ame ɖo ɖe Xebron-fia Hoham, Yarmut-fia Piram, Laxis-fia Yafia kpakple Eglon-fia Debir gbɔ gblɔ bena:


Gake la mekpɔ nusia le ŋutiwò bena, neɖe mɔ na nyɔnu Isabel, si yɔ eɖokui bena nyagblɔɖila, eye wòfiã nu nye dɔlawo heble wo, bene woawɔ ahasi, eye woaɖu nusiwo wosa vɔ na trɔ̃wo.


Gake la mekpɔ nu via ɖewo le ŋutiwò; elabena amesiwo lé Bileam ƒe nufiafia me ɖe asi la, le gbɔwò le afima, amesi fia Balak bena, wòatsɔ nuɖianu aɖo Israel-viwo ŋku me, ne woaɖu nusiwo wosa vɔe na trɔ̃wo, eye woawɔ ahasi.


Yakob ƒe dzidadawo kple Israel ƒe aƒe ƒe nuvɔ̃wo tae nusiawo katã dzɔ ɖo. Yakob ƒe dzidada ɖe? Ɖe menye eya nye Samaria oa? Yuda ƒe nuxeƒe ɖe? Ɖe menye eyae nye Yerusalem oa?


Nɔvianyɔnu Oholiba kpɔe, ke le wɔ gbolo wòvloe wui, eye wòwɔ ahasi wu nɔvianyɔnu.


Du blibo la si le sɔdolawo kple aŋutrɔdalawo ƒe howɔwɔ nu, woyi ave dodowo me, eye wolia agakpewo; wogblẽ du blibo la ɖi amea ɖeke megale eme o.


Eye esi wòkpɔ be, megbe Israel dzeaglã la le eƒe ahasiwɔwɔ ta, eye mena srɔgbegbalẽe hã la, nɔvianyɔnu Yuda dzego la mevɔ̃ o, ke boŋ eya hã yi ɖawɔ ahasi.


Esi Rabsake gbugbɔ la, ekpɔ Asur-fia wòle aʋa wɔm kple Libna, elabena ese be, eho tso Laxis.


Madmena si, Gebim-tɔwo ɖe ato du me!


Adorayim, Laxis, Azeka,


Eye wòto Israel-fia wo ƒe ʋe me, abe alesi Axab ƒe aƒe la wo ene, elabena eɖe Axab ƒe vinyɔnu, eye wòwɔ nusi enye vɔ̃ le Yehowa ŋku me.


Esi wòwɔ Yerobeam, Nebat vi ƒe nuvɔ̃wo la, nu tsɛ ko wònye ne; eye wòɖe Zidon-fia Etbaal ƒe vinyonu Izebed, eye wòyi ɖasubɔ Baal hede ta agu nɛ.


Eye wòatsɔ Israel ade asi le Yerobeam ƒe nuvɔ̃, si wòwɔ hetsɔ ble Israel la ŋuti.


Laxis, Bozkat, Eglon,


Eye Mose gblɔ; na Aron bena: Nuka dukɔ sia wɔ wò, bena nèhe vɔ gã sia va wo dzi ale?


Eye esi wokplɔ wo do goe vo la, wogblɔ bena: Ekpo ɖe asiwò azɔ, eyata ɖe ɖokuiwò! Megakpɔ megbe o, eye megatɔ ɖe afia ɖeke hã o; ke boŋ si yi ɖe to la dzi, bena màgatsrɔ̃ o!


Ke woɖo nugbe ɖe eŋu le Yerusalem; tete wòsi yi Laxis, gake wodɔ ame ɖe eyome ɖe Laxis woɖawui le afima.


Eye Asur-fia ɖo Rabsake kple aʋakɔ gãa ɖe tso Laxis ɖe fia Xizkiya le Yerusalem, eye wòdze aʋa ɖe dzigbeta ƒe tɔʋu to le avɔnyãla ƒe agblemɔ to.


Ɖe àte ŋu ade ka tò ɖe agbleŋlɔnu ŋu, alo wòagudu bali me le yowòmea?


esime Babel-fia ƒe aʋakɔ le aʋa wɔm kple Yerusalem kple Yuda-du, siwo katã kpɔtɔ ɖi, siwo nye Laxis kple Aseka; elabena woawo nye du sesẽwo kpɔtɔ le Yuda-duwo dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite