Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mika 1:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Dzidzi aƒo Ma-rotfɔwo le woƒe dzɔgbenyuie ta, elabena dzɔgbevɔ̃e ɖi tso Yehowa ghɔ ɖe Yerusalem ƒe agbowo dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Marotɔwo le mɔ kpɔm vevie be ŋu nyui aɖe ava ke, gake vevesese koe le wo lalam, elabena gbegblẽ tso Yehowa gbɔ va keke Yerusalem ƒe agbo nu.

Gade chapit la Kopi




Mika 1:12
9 Referans Kwoze  

Ɖe nègbe Yuda godooa, eye ɖe Zion ƒe nu ti kɔ na wò luʋɔa? Nukaŋuti nèƒo mí, ale be hayahaya megale mía ŋu o? Miele futɔ kpɔm na ŋutifafa, ke nu nyuia ɖeke meva o, miele mɔ kpɔm na hayahayaɣi, ke ŋɔdzi li!


Elabena gbedada mele eƒe ƒoƒowo ŋu o; elabena eva Yuda ke, eye wòde nye dukɔ ƒe agbo nu vaseɖe Yerusalem ke.


Ɖe wokua kpẽ le du me, eye vɔvɔ̃ gbea amewo ɖoɖoa? De dzɔgbevɔ̃e dzɔna le du me, eye menye Yehowa ye wɔe oa?


Miele mɔ kpɔm na ŋutifafa, ke nu nyuia ɖeke meva o; míele mɔ kpɔm na hayahaya, ke ŋɔdzi li.


nye amesi ɖo kekeli, eye mewɔ viviti, nye amesi wɔ dzɔgbenyuie, eye mehe dzɔgbevɔ̃e vɛ. Nye Yehowa ye wɔ nusiawo katã!


Elabena mekpɔ mɔ na nyui, ke vɔ̃ va; mekpɔ kekeli sinu, ke viviti do.


Esi wòva la, kpɔ ɖa, Eli bɔbɔ nɔ zikpui dzi le agbo nu hele mɔ ta kpɔm, elabena Mawu ƒe aɖaka la na meɖe dzi ɖi o. Eye esi ŋutsu la va gblɔe le dua me la, tete du blibo la do ɣli.


Ke egblɔ na wo bena: Migayɔm be Naomi o, hafi boŋ miyɔ Mara nam: elabena ŋusẽkatãtɔ la do nublanuitɔm!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite