Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 9:38 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

38 Eyaŋuti miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

38 Eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 9:38
15 Referans Kwoze  

eye mana kplɔlawo mi ɖe nye dzi nu, ne woatsɔ nunya kple gɔmesese akplɔ mi.


Mlɔeba la, nɔviwo, mido gbe ɖa ɖe mia la, bena Aƒetɔ ƒe nya la nayi dzi kaba, eye woakɔ eŋuti, abe alesi wòle le miawo hã mia dome la ene,


Eye esi wole Aƒetɔ la subɔm, eye wotsia nu dona la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ bena: Azɔ mitia Barnaba kple Saul nam hena dɔwɔwɔ, si ŋuti meyɔ wo ɖo.


Tete Yesu gagblɔ na wo bena: Ŋutifafa na mi! Sigbe alesi Fofo la dom ɖa ene la, nenema ke nye hã mele mia dɔm ɖa.


Ke amesiwo ka hlẽ la, le tsatsam hele nyanyuie la gblɔm fia.


Wò amehawo nɔ edzi afima, Mawu, wò dɔmenyo nètsɔ wɔe na hiãtɔwo.


Eye Yakob ƒe ame mamleawo anɔ anyigba ɖzi dukɔwo me le ɖukɔ geɖewo dome abe dzata le gbemelãwo dome ene, abe dzatavi le alẽhawo dome, si, ne eto wo dome la, enyãa avuzi le nu dzi, eye wòvuvua nu, ke xɔnametɔa ɖeke menɔa anyi o la ene.


Eye eya ke ɖo amea ɖewo wonye apostolowo, eye amea ɖewo hã nye nyagblɔɖilawo, eye amea ɖewo hã nye nyanyuiegblɔlawo, eye amea ɖewo hã nye kplɔlawo kple nufialawo,


Eye Mawu ɖo amea ɖewo le ha me: Gbãtɔ apostolowo, evelia nyagblɔɖilawo, etɔ̃lia nufialawo, emegbe la ŋusẽdɔwɔwɔwo, eya megbe la dɔyɔyɔ ƒe amenuvevenunanawo, kpeɖeŋutɔwo, dzikpɔlanyenyewo, gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo.


Mawu ƒe tasiaɖamwo le akpe nane teƒe akpe. Aƒetɔ la le wo dome. Sinai ye le kɔkɔeƒe la.


Tete wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Nuŋeŋe la sa gbɔ; ke nuŋelawo mede ha o.


Menye miawoe gblɔ bena: Ɣleti ene koe susɔ, eye nuŋeɣi la laɖo o mahã? Kpɔ ɖa, mele egblɔm na mi bena: Miwu miaƒe ŋkuwo dzi, eye miakpɔ agblewo dzi ɖa bena, woƒu xoxo, eye wonyo na ŋeŋe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite