Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 9:37 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

37 Tete wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Nuŋeŋe la sa gbɔ; ke nuŋelawo mede ha o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

37 Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo mede ha o.

Gade chapit la Kopi




Mateo 9:37
17 Referans Kwoze  

Eye wògblɔ na wo bena: Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, ke dɔwɔlawo meɖe ha o; eyaŋuti miɖe kuku na nuŋeŋe la ƒe Aƒetɔ bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.


Eye wògblɔ na wo bena: Miheyi ɖe xexe la me katã, eye miɖe gbe ƒã nyanyuie la na amewo katã.


Elabena Mawu ƒe hadɔwɔlawo míenye; Mawu ƒe agble kple Mawu ƒe xɔtutu miawo míenye.


Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, miade mawutsi ta na wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me,


Esi míenye hadɔwɔlawo ŋuti la, míele nu xlɔ̃m mi hã bena, miagaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o.


Eye Paulo kpɔ ŋutega le zã me. Makedonia-ŋutsua ɖe le tsitre le kuku ɖem nɛ gblɔ bena: Tso ƒu va Makedonia, eye naxɔ na mí!


eye bena, woaɖe gbe ƒã dzimetɔtrɔ hena nuvɔ̃wo ƒe keke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã la, adze gɔme atso Yerusalem.


Wò amehawo nɔ edzi afima, Mawu, wò dɔmenyo nètsɔ wɔe na hiãtɔwo.


Hamemegã, siwo kpɔa ha la dzi nyuie la, edze be, woatsɔ bubu teƒe eve abu wo, vevietɔ amesiwo dze agbagba le nyagbɔgblɔ kple nufiafia me la.


kple Yesu, si woyɔna be Yusto, amesiwo tso aʋatsotsoa me la, ɖuɖɔ mi ƒã; amesiawo ɖeɖekoe nye hanyedɔwɔlawo na Mawu ƒe fiaɖuƒe la, nenem me siawo zu akɔfafa nam.


elabena nye la meli kpli wò, eye amea ɖeke maɖo ɖe dziwò be, yeawɔ vɔ̃a ɖeke wò o; elabena ame geɖe le asinye le du sia me.


Eyaŋuti miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.


Elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖi aƒetɔa ɖe, si do go ŋdikanya, be yeadɔ dɔwɔlawo de yeƒe weinbɔ me.


Kpɔ ɖa, dɔwɔla, siwo ŋe miaƒe agblemenuwo la ƒe fetu, si miegbe wo nana la, le ɣli dom, eye nuŋelawo ƒe ɣlidodoawo va Zebaot, Aƒetɔ la, ƒe towo me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite