Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 9:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Eye Yesu yi ɖato duawo kple kɔƒeawo katã me, hele nu fiãm le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle fiaɖuƒe la ŋutinya nyui la gblɔm hele dɔlélewo kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

35 Yesu tsa le kɔƒe kple du siwo le nuto ma me la kpe ɖo. Enɔ mawunya gblɔm le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo, eye wònɔ gbeƒã ɖem mawufiaɖuƒe la ƒe nyanyui la hã, eye afi sia afi si wòyi la, edaa gbe le dɔ ƒomevi vovovo lélawo ŋu.

Gade chapit la Kopi




Mateo 9:35
12 Referans Kwoze  

Yesu, Nazaretetɔ la, alesi Mawu tsa Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple ŋusẽ hesi nɛ, amesi tsa hele nu nyui wɔm, eye wòda gbe le amesiwo katã dzi Abosam ɖu la ŋu, elabena Mawu li kplii.


Eye afisi wòyina ɖo le kɔƒewo alo duwo me alo agbletawo la, wotsɔa dɔlélawo va dana ɖe ablɔwo me, eye woɖea kuku ne bena, yewoade asi eƒe awuto ɖeɖeko ŋu; eye ame alesi nu de asi eŋu ko la, ƒe lãme sẽna.


Ŋkunɔwo le nu kpɔm, eye tekunɔwo le azɔli zɔm, anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, eye tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsi tre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo.


Eye wòyi ɖato duwo kple kɔƒewo me hele nu fiãm, eye wòle mɔ zɔm yina Yerusalem.


Israel-ŋutsuwo, miɖo to nya siawo! Yesu, Nazaretetɔ la, ŋutsu, si ŋuti Mawu na kpeɖoɖodzi mi le to nu dzɔtsuwo kple nukunuwo kple dzesiwo, siwo Mawu wɔ to eyama dzi le mia titina la me, abe alesi mia ŋutɔwo mienyã ene;


Eye eƒe mo wɔ yaa le woƒe dzimaxɔse la ŋuti. Eye wotsa le kɔƒe, siwo ƒo xlã afima la me hele nu fiãm.


Eye wòva me, esi Yesu de se na eƒe nusrɔ̃la wuieveawo vɔ la, edzo le afima, be yeayi aɖafia nu, eye yeagblɔ nya lé woƒe duawo me.


Eye wòyɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo va egbɔ, hena ŋusẽ wo ɖe gbɔgbɔ blibawo dzi bena, ne woanyã wo aɖo goe, eye ne woaɖe dɔlélewo kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖa.


Ke esi wòlé Yohanes de gaxɔ me megbe la, Yesu va Galilea hele gbe ƒã ɖem Mawu ƒe nyanyuie la bena:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite