Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 9:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Nenem eƒe ŋkɔ nyo kaka ɖe afima-nyigba katã dzi!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Nukunu sia kaka ɖe nuto blibo la katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe.

Gade chapit la Kopi




Mateo 9:26
11 Referans Kwoze  

Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Siria blibo la katã; eye wotsɔ amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple amesiwo le dɔ bubu ƒomeviwo lém, kple amesiwo le fu kpem, kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, kple kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo katã va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.


Ke eya do go de asi gbeƒãɖeɖe me lelele kple nya la kaka me ale gbegbe bena, Yesu magate ŋu adze gaglã ayi du me o, ke gbedzi ko wònɔna, eye wotso afisiafi va egbɔ.


Elabena fia hã nya nusiawo, amesi mele nu ƒom na kple dzideƒo; elabena mexɔe se bena, nusiawo dometɔa ɖeke mele ɣaɣla ɖee o, elabena menye ɣaɣlaƒe wowɔ nusia le o.


Eye fia Herodes see; elabena eƒe ŋkɔ ɖi hoo, eye wòbena: Yohanes mawutsidetanamelae tsi tre tso ame kukuwo dome; eyaŋuti ŋusẽwo le dɔ wɔm le eme.


Ke woawo la, esi wodo go ko la, wona eƒe ŋkɔ ɖi hoo le afima-nyigba blibo la katã dzi.


Eye enumake lã eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Galilea-nutowo katã me godoo.


Eye Yesu gbugbɔ yi Galilea le Gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ me; eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le afima nutoawo katã me godoo.


Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le afima nutowo katã me godoo.


Ke geɖe wu nya la de dzi le eŋuti, eye ameha geɖewo va ƒo ƒu be, yewoase nya, eye be wòada gbe yewo ŋu le yewoƒe dɔlélewo me.


Eye nya sia ɖi hoo le eŋuti le Yudea blibo la kple nutoawo katã me godoo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite