Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 9:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ke esi wòtrɔ kpɔe la, egblɔ nɛ bena: Vinyɔnuvi, na wò dzi nadze me! Wò xɔse la ɖe wò. Eye nyɔnu la ƒe lãme sẽ le gaƒoƒo ma ke dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Yesu trɔ ɖe eŋu gblɔ nɛ be, “Vinyɔnuvi, wò dzi nedze eme! Wò xɔse la da gbe le ŋuwò.” Tso gbe ma gbe ko la, nyɔnu la ƒe dɔa vɔ nɛ keŋ.

Gade chapit la Kopi




Mateo 9:22
15 Referans Kwoze  

Eye wògblɔ na nyɔnua bena: Wò xɔse la ɖe wò; yi ɖe ŋutifafa me!


Tete Yesu xɔ edzi gblɔ nɛ bena: O, nyɔnu, wò xɔse la lolo! Neva mè na wò, abe alesi nèdi ene. Eye eƒe nyɔnuvi la ƒe lãme sẽ le nenem gaƒoƒo ma dzi.


Eye kpɔ ɖa, wotsɔ lãmetututɔa ɖe, si mlɔ aba dzi la, va egbɔ. Ke esi Yesu kpɔ woƒe xɔse la la, egblɔ na lãmetututɔ la bena; Vinye, na wò dzi nadze me, wotso wò nuvɔ̃awo ke wò.


Eye Yesu gblo nɛ bena: Kpɔ nu, wò xɔse la ɖe wò.


Eye wògblɔ nɛ bena: Tsi tre, nadzo, wò xɔse la de wò.


Eye wògblɔ ne bena; Vinyɔnuvi, wò xɔse la ɖe wò, yi ɖe ŋutifafa me!


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Heyi, wò xɔse la ɖe wò! Eye enumake la wòkpɔ nu, eye wòdze eyome le mɔ la dzi.


Ke egblɔ nɛ bena: Vinyenyɔnuvi, wò xɔse la de wò; heyi le ŋutifafa me, wò lãme nasẽ tso wò dɔléle la me!


Tete Yesu de asi woƒe ŋkuwo ŋu gblɔ bena: Ava me na mi le miaƒe xɔse la nu.


Eye wò wo esia ŋkeke geɖe. Ke esi wòve dome na Paulo la, etrɔ gblɔ na gbɔgbɔ la bena: Mede se na wò le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la me bena, nado go le eme! Eye wòdo go le gaƒoƒo ma ke dzi.


Tete fofoa dze sii bena, enye gaƒoƒo ma, si dzi Yesu gblɔ ne bena: Viwò la le agbe, eye eya ŋutɔ xɔe se kple eƒeme blibo katã.


Elabena wogblɔ nyanyuie la fia míawo hã, abe woamawo ke hã ene; gake nya, si wose la, meɖe via ɖeke na woamawo o; elabena amesiwo see la ƒe xɔse mewɔ ɖeka kple nya la o.


Eya se Paulo ƒe nuƒoƒo, amesi lé ŋku ɖe edzi gã, eye esi wòkpɔ bena, xɔse le esi be, woayɔ dɔe la,


Eye Yesu wo ɖe eta, eye gbɔgbɔ vɔ̃ la do go tso eme, eye ɖevi la ƒe lãme sẽ le nenem gaƒoƒo ma dzi.


Eye Yesu gblɔ na aʋafia la bena: Heyi, eye alesi nèxɔe se la, woawɔ na wò nenema ke! Eye eƒe dɔtsɔla ƒe lãme sẽ le gaƒoƒo ma ke dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite