Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 9:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Wometsɔa aha yeye hã dea lãgbalẽgolo xoxowo me o; ke ne menye nenem o la, lãgbalẽgolowo awo, eye aha la aƒu gbe, eye lãgbalẽgolowo agblẽ; ke wotsɔa aha yeye ɖea lãgbalẽgolo yeyewo me, eye wo kpakple eve la siaa wonɔna dedie.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Nenema ke womekɔa aha yeye hã ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o. Ne wowɔ esia la, aha yeye la ƒe ŋusẽ awɔe be lãgbalẽgolo la nawo, eye aha la kple goe la katã dome agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye ko me woate ŋu akɔ aha yeye ɖo. Ekema aha la kple lãgbalẽgolo la katã woanɔ dedie.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 9:17
8 Referans Kwoze  

Elabena ne mele abe lãgbɔlẽgolo, si le dzokɔ ene hã, nyemɔŋlɔ wò ɖoɖowo be o.


woawo hã wɔ ayenu, eye wodzra mo dzi nuɖuɖu ɖo, wotsɔ kotoku xoxowo ɖo woƒe tedziwo dzi, eye wotso weingolo xoxo vuvu, siwo woka,


Kpɔ na, nye dɔme le abe wein, si nu wotu nu ɖo la ene, eye wòbe, yeawó abe lãgbalẽgolo yeye ene.


Eye amea ɖeke metsɔa avɔ matakpɔ ƒe nuɖeɖi hekaa avɔ xoxo o, elabena nuɖeɖi, si wotso kae la, aho avɔ la ɖe eɖokui ŋu, eye eƒe vuvu la awu tsãtɔ.


Esi wòle nusiawo gblɔm na wo la, kpɔ ɖa, amegãa ɖe va dze klo nɛ gblɔ bena: Ye nyɔnuvi ku fifi laa; gake la va natsɔ wò asi ada ɖe edzi, eye woagbɔ agbe.


Eye amea ɖeke metsɔa aha yeye dea lãgbalẽgolo xoxowo me o: ke ne menye nenem o la, aha yeye la awo lãgbalẽgoloawo, eye aha la kple lãgbalẽgoloawo siaa agblẽ; ke wotsoa aha yeye dea lãgbalẽgolo yeyewo me.


Eye amea ɖeke metsɔa aha yeye dea lãgbalẽgolo xoxowo me o, ke ne menye nenem o la, aha yeye la awo lãgbalẽgoloawo, eye eya ŋutɔ aƒu gbe, eye lãgbalẽgoloawo agblẽ


ke boŋ woatsɔ aha yeye aɖe lãgbalẽgolo yeyewo me, eye wo kpakple eve la siaa woanɔ dedie.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite