Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 9:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye Yesu gblɔ na wo bena: Alo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃wo ate ŋu afa konyi, ŋkeke alesi ŋugbetɔsrɔ̃ la li kpli wo mahã? Ke ŋkekewo gbɔna, esime woatsɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la ayii le wo gbɔ la, ekema woatsi nu adɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Yesu hã bia wo be, “Ɖe wòle be ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo nanɔ konyi fam, atsi nu adɔ le esime wòle wo gbɔa? Ɣeyiɣi li gbɔna esime woakplɔe adzoe le wo gbɔ, eye le ɣe ma ɣi me la, woagbe nuɖuɖu atsi nu adɔ.

Gade chapit la Kopi




Mateo 9:15
22 Referans Kwoze  

Eye wògblɔ nam bena: Ŋlɔ bena: Woayra amesiwo wokpe va Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖenuɖuɖu la gbɔ! Eye wògagblɔ nam bena: Esiawo nye Mawu ƒe nya vavãwo.


Amesi si ŋugbetɔ le la, eyae nye ŋugbetɔsrɔ̃, ke ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃, amesi le tsitre le to ɖomi la, kpɔa dzidzɔ ŋutɔ le ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe gbe ŋuti; azɔ nye dzidzɔ sia zu blibo.


Eye mekpe du kɔkɔe, tsi nye Yerusalem yeye la, le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye wodzrae ɖo abe ŋugbetɔ, si wɔwɔ leke na hena srɔ̃a ene.


Eye esi wotia amegãwo na wo le ha sia ha me la, wodo gbe ɖa kple nutsitsiɖɔ, eye wotso wo ɖe Aƒetɔ, si dzi woxɔ se la, si me.


Migagblẽ mia nɔewo ɖi o, negbe ne wo kpakple eve lɔ̃ halase ɣeyiɣia ɖe dzi hafi, bena miakpɔ asinu ado gbe ɖa, eye nusia megbe la miagava awɔ ɖeka, bene Satana nagate mi akpɔ le miaƒe ɖokuidzimaɖumaɖu la ŋuti o.


Hafi boŋ, esi megblɔ esiawo na mi la, nuxaxa yɔ miaƒe dzi me fũ.


Ɣemaɣi la Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, yɔ ame hena avifafa, konyifafa, talulũ kple akpanyatata;


le agbagbadzedze kple kutrikuku me; le ŋudɔdɔwo me agbadre, le dɔwuame kple tsikɔwuame me, le nutsitsidɔwo me agbadre, le vuvɔ kple amamanɔnɔ me.


Tete Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ bena: Nukaŋuti miawo kple farisitɔwo mietsia nu dɔna atraɖii, ke wò nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna o mahã?


Eye amea ɖeke metsɔa avɔ matakpɔ ƒe nuɖeɖi hekaa avɔ xoxo o, elabena nuɖeɖi, si wotso kae la, aho avɔ la ɖe eɖokui ŋu, eye eƒe vuvu la awu tsãtɔ.


Eye Yesu gblɔ na wo bena: Alo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃wo ate ŋu atsi nu adɔ, esime ŋugbetɔsrɔ̃ la li kpli wo mahã? Ŋkeke alesi ŋugbetɔsrɔ̃ la le wo gbɔ la, womate ŋu atsi nu adɔ o.


Ke ŋkekewo gbɔna, esime woatsɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la ayii le wo gbɔ; ekema woatsi nu adɔ le ŋkeke ma dzi.


Eye Yesu gblɔ na wo bena: Alo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃wo ate ŋu atsi nu adɔ, esime ŋugbetɔsrɔ̃ la li kpli wo mahã?


Ke ŋkekewo gbɔna, esime woatsɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la ayii le wo gbɔ; ekema woatsi nu adɔ le ŋkeke mawo me.


Eye wògblɔ na nusrɔ̃lawo bena: Ŋkekewo gbɔna, le esi me miadi be, míakpɔ Amegbetɔvi la ƒe ŋkekewo dometɔ ɖeka, eye míakpɔe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite