Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 8:34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Eye kpo ɖa, du blibo la katã do go yi Yesu kpe ge; eye esi wokpɔe la, woɖe kuku nɛ bena, woadzo le yewoƒe nutoawo me ayi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

34 Ale le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe ko la, dua me tɔwo katã do bibibi va ƒo zi ɖe Yesu ŋu. Esi wokpɔe la, woɖe kuku nɛ vevie be wòadzo le yewoƒe anyigba dzi.

Gade chapit la Kopi




Mateo 8:34
13 Referans Kwoze  

eye wova la dzi na wo. Eye esi wokplɔ wo do goe la, woɖe kuku bena, woadzo le dua me.


Eye esi Simon Petro kpɔe la, edze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu gblɔ bena: Aƒetɔ, do go le gbɔnye, elabena ame wɔnuvɔ̃ menye.


Ke wogblóna na Mawu be: Te ɖa le mía gbɔ, míele naneke dim, be míanya le wò mɔwo ŋu o.


Amesiwo gblɔ na Mawu be: Te ɖa le mía gbɔ, nuka ŋusẽkatãtɔ awɔ mí hã?


Tete wògblɔ na Eliya bena: Mawu ƒe ame! Nya ka le mia kpli wò dome? Ɖe nèva gbɔnye, be naɖo ŋku nye nuvɔ̃wo dzi, eye nawu vinyea?


Ke esi wòkpɔ Yesu la, edo ɣli, eye wòdze klo nɛ hegblɔ kple gbe sesẽ bena: Nya ka le mía kpli wò domea? Yesu, Mawu, dziƒovĩtɔ la ƒe Vi! Meɖe kuku na wò, megawɔ funyafunyam o.


Eye kpɔ ɖa, wodo ɣli gblɔ bena: Nya ka le mía kpli wò dome, wò Mawuvi? Ɖe nèva afisia funyafunya wɔ ge mi, hafi ɣeyiɣi la nade mahã?


Esi Axab kpo Eliya la, Axab gblɔ nɛ bena: Wò, amesi he gbegblẽ va Israel dzi la, enye esia?


Samuel wɔ, alesi Yehowa gblɔ nɛ la, eye wòva Betlexem. Tete dumegãwo ɖi vo, eye woyi ɖakpee gblɔ be: Ŋutifafa nèhe vɛa?


Eye Yehowa se nya, siwo miegblɔ nam la, eye Yehowa gblɔ nam bena: Mese nya, siwo katã dukɔ sia gblɔ na wò la, wogblɔ wo katã ɖe eteƒe.


Eye Amazya gblɔ na Amos, bena: Nukpɔla si yi Yuda-nyigba dzi, gblɔ nya ɖi le gama, ne nakpɔ abolo aɖu le afima.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite