Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 8:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Eye wògblɔ na wo bena: Miheyi! Eye esi wodo go la, woyi ɖe haawo me; kasia kpɔ ɖa, wo katã wòsi du kplikplikpli tso to la kɔgo ge ɖe ƒu la me, eye woku ɖe tsiawo me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

32 Yesu gblɔ na wo be, “Meɖe mɔ na mi, eya ta mido le ameawo me kaba!” Ale gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le ame eveawo me ɖage ɖe haawo me; enumake haawo katã ƒu du sesĩe ɖage ɖe atsiaƒu si le afi ma la me doo, eye wono tsi ku.

Gade chapit la Kopi




Mateo 8:32
10 Referans Kwoze  

Eye wòna mɔ wo. Eye esi gbɔgbɔ makɔmakɔawo do go la, woyi ɖe hawo me. Tete hawo katã si du kplikplikpli tso to la kɔgo ge ɖe ƒu lãme, wo nu anɔ akpe eve, eye wono tsi ku ɖe ƒu la me.


Eye ne ƒe akpe ɖeka la nu va yi la, woatu Satana le gaxɔa me,


be woawɔ nusi wò asi kple wò aɖaŋu ɖo ɖi be, wòava me la.


amesi wotsɔ de asi le Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖoɖi kple nyanyaɖi la nu, esi mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi klãe ɖe ati ŋuti, eye miewui.


Eye gbɔgbɔ vɔ̃wo do go tso ame la me heyi ɖe hawo me, eye hawo si du kplikplikpli tso to la kɔgo ge ɖe ƒu la me, eye wono tsi ku.


Eɖo ŋu bena: Mayi aɖanye aʋatsogbɔgbɔ anɔ eƒe nyagblɔɖilawo katã ƒe nu me Egblɔ bena: Àte ŋu aflui, heyi ɖawɔ nenema.


Eye gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku nɛ gblɔ bena: Ne ènyã mi do go la, dɔ mí ɖe hawo me.


Tete wo kplɔviwo si, eye esi wova dua me la, woka nyaawo katã kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo do go le la, hã ƒe nya ta na wo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite