Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 8:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Eye gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku nɛ gblɔ bena: Ne ènyã mi do go la, dɔ mí ɖe hawo me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

31 Ale gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu gblɔ nɛ be, “Ne ènya mí do goe le ame siawo me la, na míayi aɖage ɖe ha mawo me.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 8:31
9 Referans Kwoze  

Eye wode kuku nɛ gblɔ bena: Dɔ mí ɖe hawo me, ne míayi ɖe wo me.


Eyata dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple amesiwo nɔ wo me la! Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ, elabena ènyae be, vovoɣi via ɖe ko yekpɔ.


eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ bena: Nya kae le mía kpli wò dome, Yesu, Mawu dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi! Meta Mawu na wò bena, megawɔ funyafunyam o.


Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Siria blibo la katã; eye wotsɔ amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple amesiwo le dɔ bubu ƒomeviwo lém, kple amesiwo le fu kpem, kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, kple kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo katã va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.


Migatsɔ nu kɔkɔe la na avũwo o, eye migatsɔ miaƒe dzonu nyuiwo hã ƒu gbe ɖe hawo ƒe ŋku me, ne woaganyã avuzi le wo dzi kple woƒe afɔwo, hafi agbugbɔ ava vuvu mi o.


Ke aƒehawo ƒe ha gãa ɖe le adzɔge le gbe ɖum.


Eye wògblɔ na wo bena: Miheyi! Eye esi wodo go la, woyi ɖe haawo me; kasia kpɔ ɖa, wo katã wòsi du kplikplikpli tso to la kɔgo ge ɖe ƒu la me, eye woku ɖe tsiawo me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite