Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 8:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ke Yesu gblɔ nɛ bena: Nɔ yonyeme, eye nana ame kukuwo naɖi woawo ŋutɔwo ƒe ame kukuwo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Yesu ɖo eŋu na ame sia hã be, “Dze yonyeme fifia, eye nàɖe asi le ame siwo ku le gbɔgbɔ me la ŋu be woaɖi woƒe ame kukuwo.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 8:22
17 Referans Kwoze  

Ke ele be, dzi nadza wò; elabena nɔviwò sia ku, eye wògagbɔ agbe; ebu, eye wogakpɔe.


Eye mi, amesiwo nye ame kukuwo le dzidadawo kple miaƒe ŋutilã ƒe aʋamatsomatso me la, egbɔ agbe mi kpakplii hã, esi wotsɔ dzidadawo katã ke mi,


Eyaŋuti la wogblɔ be: Nyɔ, wò amesi le alɔ̃ dɔm la, ne natsi tre tso ame kukuwo dome, eye Kristo ahlẽ ɖe dziwò!


egba agbe mi amesiwo nye ame kukuwo le dzidadawo me la, kple Kristo — amenuveve wòtso ɖe mi —


Eye wògba agbe miawo hã, amesiwo nye ame kukuwo le dzidadawo kple nuvɔ̃wo me,


Ke ahosi, si tsa eɖokui de asi na agbeɖuɖu la, ele agbe henye ame kuku.


Esi ŋu gake la, ele didim be, yeayi ɖe Galilea, eye wòkpɔ Filipo; eye Yesu gblɔ nɛ bena: Dze yonyeme.


Eye esi Yesu to afima yina la, ekpa ŋutsua ɖe, si woyɔna be Mateo, si no anyi le nudzɔƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Dze yonyeme! Eye wòtsi tre dze eyome.


Eye wògblẽ nyiawo ɖi fu du kplu Eliya ɖo gblɔ bena: Taflatse, na maɖagbugbɔ nu na fofonye kple danye, emegbe madze yowòme. Eɖo ŋu nɛ bena: Yi nagatrɔ agbɔ, elabena nuka mewɔ na wòa?


Eye eƒe nusrɔlawo dome ame bubu gblɔ ne bena: Aƒetɔ, ɖe mɔ nam, ne mayi aɖaɖi fofonye gbɔ.


Eye esi wòto afima yina la, ekpa Lewi, Alfeo vi la, bɔbɔ nɔ anyi le nudzɔƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Dze yonyeme! Tete wòtsi tre dze eyome.


Eye wògblɔ na ame bubu bena: Dze yonyeme! Ke eya gblɔ bena: Aƒetɔ, ɖe mɔ nam, be mayi aɖaɖi fofonye hafi.


Ke egblɔ ne bena: Na ame kukuawo naɖi woa ŋutɔwo ƒe kukuawo; ke wò la yi ɖagblɔ mawufiaɖuƒe la fia.


elabena vinyeŋutsuvi sia ku, eye wògagbɔ agbe; ebu, eye wogakpɔe. Eye wode asi dzidzɔkpɔkpɔ me.


Ke egblɔ esia, bena wòatsɔ afia ku, si ƒomevi ku ge wòala akafu Mawui. Esi wògblɔ esia la, egblɔ nɛ bena: Dze yonyeme!


Yesu gblɔ nɛ bena: Ne medi bena, nenɔ anyi, vaseɖe esime mava la, gbɔwò nya ka wotsɔa? Wò la dze yonyeme!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite