Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 7:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 elabena ele nu fiãm wo abe amesi si ŋusẽ le ene, eye menye abe woƒe agbalẽfialawo ene o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

29 elabena efia nu wo kple kakaɖedzi blibo. Le nyateƒe me la, ale si wòfia nui la to vovo sãa tso ale si woƒe agbalẽfialawo fianɛ la gbɔ.

Gade chapit la Kopi




Mateo 7:29
23 Referans Kwoze  

Eye Yesu gblɔ nɛ wo bena: Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ, si metso wɔ nusiawo na mi o.


Aƒetɔ Yehowa tsɔ nusrɔ̃viwo ƒe aɖe nam, ne manya alesi matsɔ nuƒoƒo akpe ɖe amesiwo ŋu ɖeɖi te la ŋui. Enyɔam ŋdi sia ŋdi, eʋua to nam, ne mase nu abe nusrɔ̃vi ene.


Eye womete ŋu tsi tre de nunya kple gbɔgbɔ, si wòtso le nu ƒom la nu o.


elabena nye la mana nu kple nunya mi, si ŋuti miaƒe ketɔwo katã mate ŋu atsi tre alo aƒo nu ɖo o.


Eye Yesu te va wo gbã, ƒo nu na wo gblɔ bena: Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.


ke nye la mele egblɔm na mi bena: Milɔ̃ miaƒe ketɔwo; miyra amesiwo ƒoa fi ɖea mi, miwo nyui na amesiwo léa mi ɖe ke me; mido gbe ɖa ɖe amesiwo ƒoa ɖi mi la ta; eye mido gbe ɖa ɖe amesiwo le mia yome tim la ta,


ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke aɖe asi le srɔ̃a ŋu, eva menye le ahasiwɔwɔ ŋuti o la, eyae na wòwɔ ahasi; eye amesi ke aɖe nyɔnu, si ŋu wòɖe asi le la, ewɔ ahasi.


ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke kpɔ nyɔnua ɖe wòdzroe la, ewo ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.


Elabena mele egblɔm na mi bena: Ne miaƒe dzɔdzɔenyenye la maƒo agbalẽfialawo kple farisitɔwo tɔ ta sa o la, ekema miele yiyi ge ɖe dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o.


Ke nye la, ŋusẽ kple Yehowa ƒe gbɔgbɔ, dzɔdzɔenyenye kple dzideƒo yɔm fũ, ne magblɔ Yakob ƒe dzidadawo kple Israel ƒe nuvɔ̃wo nɛ.


Esi wònye ŋusẽ le fia ƒe nya ŋu ta la, ameka agblɔ nɛ be: Nuka wɔm nele?


Eye wòva me, esime Yesu wu nenem nya siawo nu va la, kuvia ɖo amehawo le eƒe nufiafia la ŋuti;


Eye esi wòɖi tso toa dzi la, ameha geɖewo kplɔe ɖo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite