Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 7:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eye amesiame, si sea nye nya siawo, eye mewɔa wo dzi o la, woatsɔe aɖo ŋutsu manyanu, si tu eƒe xɔ ɖe ke dzi la ŋuti;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Gake ame si sea nye nyawo, eye metsɔa ɖeke le wo me o la sɔ kple ŋutsu movitɔ si tu eƒe xɔ ɖe ke me.

Gade chapit la Kopi




Mateo 7:26
9 Referans Kwoze  

Ke amesi senɛ, eye mewɔa edzi o la, eɖi amea ɖe, si tu xɔ ɖe anyigba, eye meɖo egɔme anyi o, eye tɔsisi ƒo ɖe eŋu, eye wòmu enumake, eye xɔ ma ƒe atidzedze ɖi gblo.


Ŋu akpe nunyalawo, dzi aɖe le wo ƒo, eye asi atu wo; kpɔ ɖa, Yehowa ƒe nya wogbe, nunya kae hele wo si azɔ ma?


Ke, wò ame gbɔlo, ɖe nèle didim be, yeanyae bena, xɔse dɔwɔwɔ manɔŋutɔ la enye nu kuku mahã?


Eyata Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ƒe gbe nye si: Megblɔ tsã be, mana mia kple fofowò ƒe aƒe nanɔ ŋkunye me tegbee; ke azɔ la ale Yehowa gblɔ esi: Nede megbe xaa tso gbɔnye, elabena amesi buam la, mabui, eye amesi doa vlom la, mado vloe.


Nyɔnuwo ƒe nunya tua woƒe xɔ; ke bometsitsi tsɔa eya ŋutɔ ƒe asi gbãnɛ ƒua anyi.


Amesiwo wotsrɔ̃ ɖa, hafi woƒe ɣeyiɣi la ɖo edzi, eye woƒe agunu lolo zu tɔsisi.


Eyaŋuti amesiame, si se nye nya siawo, eye wòwɔ wo dzi la, matsɔe aɖo ŋutsu nyanu, si tu eƒe xɔ ɖe kpe gbadza dzi la ŋuti;


eye tsi dzana, eye tɔwo ɖɔna, eye yawo ƒona, eye wova nyea zi le nenem xɔ ma te, eye memuna o; elabena woɖo egɔme anyi ɖe kpe gbadza dzi.


eye tsi dzana, eye tɔwo ɖɔna, eye yawo ƒona, eye wova nyẽa zi le nenem xa ma te, eye wòmu, eye eƒe anyidzedze ɖi gbloo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite