Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 7:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Eyaŋuti amesiame, si se nye nya siawo, eye wòwɔ wo dzi la, matsɔe aɖo ŋutsu nyanu, si tu eƒe xɔ ɖe kpe gbadza dzi la ŋuti;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 “Ame sia ame si sea nye nya, eye wòwɔna ɖe edzi la le abe nunyala si tu eƒe xɔ ɖe agakpe sesẽ dzi ene.

Gade chapit la Kopi




Mateo 7:24
41 Referans Kwoze  

Ne mienyã nusiawo, eye miewɔ wo la, Woayra mi.


Ke eya gblɔ bena: Ẽ, Woayra amesiwo le mawunya la sem, eye wole edzi wɔm la boŋ.


Ne mielé eƒe seawo me ɖe asi la, eya míatsɔ adze sii bena, míenyae.


Yehowa vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto; amesiwo katã léa eme la, gɔmesese nyui sua wo si; eƒe kafukafu li tegbee.


Amesi nunya le tagbɔ na la, xɔa sedede na eɖokui: ke bometsila si glãgbɔ li na la, ɖea eɖokui gbegblẽ me.


Ne miele lɔ̃yem la, milé nye seawo me ɖe asi.


Miawoe nye xɔ̃nyewo, ne miewɔa nusiwo ƒe se mede na mi.


hegblɔ na amegbetɔwo be: Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la vɔvɔ̃ enye nunya, eye vɔ̃tsitsri enye gɔmesese.


Ne mielé nye seawo me ɖe asi la, mienɔ nye lɔlɔ̃ la me, abe alesi nye hã melé Fofonye ƒe seawo me ɖe asi, eye menɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ene.


Elabena amesi ke le Fofonye, si le dzi ƒowò, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la, eyae nye nɔvinyeŋutsu, enye nɔvinyenyɔnu, ganye danye hã.


Medze nunya wu nye nufialawo katã, elabena wò ɖaseɖiɖiwo nye nye ŋugbledede.


Ne woʋu go wò nya la, eklẽna, eye wòfiaa nunya amesiwo ŋu wɔna mele o.


Nunyalawo ƒe ayedzedze enye be, woalé ŋku ɖe woƒe zɔzɔme ŋu; ke bometsilawo ƒe bometsitsi enye alakpa.


Ne ahomya ƒo la, ekema ame vɔ̃ɖi la nu ayi; ke ame dzɔdzɔe la ali ke tegbee.


Woatutu ame vɔ̃ɖiwo aƒu anyi, eye womaganɔ anyi o; ke ame dzɔdzɔe ƒe aƒe atsi anyi.


eye tsi dzana, eye tɔwo ɖɔna, eye yawo ƒona, eye wova nyea zi le nenem xɔ ma te, eye memuna o; elabena woɖo egɔme anyi ɖe kpe gbadza dzi.


Eye amesiame, si sea nye nya siawo, eye mewɔa wo dzi o la, woatsɔe aɖo ŋutsu manyanu, si tu eƒe xɔ ɖe ke dzi la ŋuti;


Eye nye hã mele egblɔm na wò bena: Wòe nye Petro, eye nenem kpe gbadza sia dzi matu ye ha la ɖo, eye tsiẽƒe ƒe agbowo hã mele edzi ɖu ge o.


Azɔ amekae nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela, si eƒe aƒetɔ la ɖo eƒe aƒemetɔwo nu, ne wòana nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyui dzi mahã?


Eye wo dome ame atɔ̃ nye abunetɔwo, eye ame atɔ̃ hã nye aɖaŋudzelawo.


ke aɖaŋudzelawo ya tsɔ ami de woƒe guiwo me kpe ɖe woƒe akaɖiawo ŋuti.


Ke aɖaŋudzelawo xɔ edzi gblɔ bena: O, ɖewohĩ made mía kpli miawo nu o, miyi amesiwo le edzram la gbɔ boŋ, ne miadzee na mia ɖokui.


Elabena menye amesiwo sea se la, wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋku me o, hafi boŋ woatso afia na amesiwo wɔa se la dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite