Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 7:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Menye amesiame, si le gbɔgblɔm nam bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe amesi le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 “Menye ame sia ame si le yɔyem be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ’ lae ayi dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe ame siwo le Fofonye si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe.

Gade chapit la Kopi




Mateo 7:21
49 Referans Kwoze  

Elabena menye amesiwo sea se la, wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋku me o, hafi boŋ woatso afia na amesiwo wɔa se la dzi.


Ke nukaŋuti miele yɔyem bena: Aƒetɔ, Aƒetɔ, eye miewɔ nusiwo megblɔ na mi la dzi o mahã?


Ke mizu nyadziwɔlawo, eye menye nyasela, siwo blea wo ɖokui ɖeɖeko o!


Ke eya gblɔ bena: Ẽ, Woayra amesiwo le mawunya la sem, eye wole edzi wɔm la boŋ.


Woʋua eme bena, yewonya Mawu, ke wotsɔ woƒe nuwɔnawo gbe nu le egbɔ; wonye ame nyɔŋuwo kple tosẽlawo kple amesiwo medze dɔ nyui wòwɔa ɖeke kura o.


Eyata esi wòsusɔ bena, amea ɖewo nayi ɖe eme, eye amesiwo wogblɔ nyanyuie la fia gbã la, meyi ɖe eme o le dzimaxɔse ŋuti la,


Elabena esiae nye Fofonye la ƒe lɔlɔ̃nu, bena amesiame, si le Via kpɔm, eye wòle edzi xɔm le sesem la, akpɔ agbe mavɔ, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.


Amesi ke ɖu dzi la, woado awu ɣiwo na eyama, eye nyemele eƒe ŋkɔ tutu ge da le agbegbalẽa me o, eye maʋu eƒe ŋkɔ la me le Fofonye kple eƒe dɔlawo ŋku me.


bena miaganɔ agbe na amewo ƒe nudzodzrowo le ɣeyiɣi, si susɔ be, mianɔ agbe le ŋutilã me la me o, ke boŋ hena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.


nadzra mi ɖo blibo le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me, bena miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu; eye wòawɔ nusi dze eŋu la, le mía me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Elabena amesi ke le Fofonye, si le dzi ƒowò, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la, eyae nye nɔvinyeŋutsu, enye nɔvinyenyɔnu, ganye danye hã.


Woayra amesiwo nyẽ woƒe awuwo, bene woana ŋusẽ wo woava agbeti la gbɔ, eye ne woato agboawo nu ayi ɖe du la me.


Yesu ɖo ŋu bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso tsi kple Gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o.


Eye wògblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Ne mietrɔ, eye miezu abe ɖeviwo ene o la, miele yiyi ge ɖe dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o.


Ne amea ɖe le didim be, yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la, eya ladze sii le nufiafia la ŋuti, nenye Mawu me wòtso, alo nye ŋutɔe le nu ƒom le ɖokuinye ŋuti.


Eye migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.


Amesi ke awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, eya kee nye nɔvinyeŋutsu, ganye nɔvinyenyɔnu, ganye danye hã.


Mida akpe le nusianu ŋuti; elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le Kristo Yesu me hena mi.


menye le ŋku me nuwɔwɔ me abe ameŋudzelawo ene o, ke boŋ abe Kristo ƒe dɔla, siwo woa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu tso dzi me la ene:


Elabena nenemae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, bena miatsɔ nu nyui wɔwɔ atsi abunetɔwo ƒe numanyamanya la nu,


Eƒe aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Ehe, dɔla nyui kple nuteƒewɔla! Ewɔ nuteƒe le nu ʋeewo me, matsɔ wò aɖo nu geɖewo nu: yi ɖe wò aƒetɔ ƒe dzidzɔ la me!


Elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, be miawo mia ɖokui kɔkɔe, eye miade mia ɖokui ɖa atso ahasiwɔwɔ me,


Epafra, amesi tso mia dome, si nye Kristo ƒe dɔla la, ɖuɖɔ mi ƒã; eyae nye amesi nɔa mia ta ʋlim le gbedodoɖa me ɖaasi, bene mianɔ tsitre abe amesiwo le blibo, eye wokpɔ kakaɖedzi blibo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã ŋuti ene.


Tso esia dzi, ne aƒetɔ la tsi tre, eye wòtu ʋɔa, eye ne míetsi tre ɖe egodo, de asi ʋɔtrua ƒoƒo me gblɔ bena: Aƒetɔ, Aƒetɔ, nui na mí la, axɔ dzi agblɔ na mi bena: Nyemenya mi, afisi mietso o,


hele ŋusẽ ɖom nusrɔ̃lawo ƒe luʋɔwo, eye wole nu xlɔ̃m wo be, woanɔ xɔse la me; eye bena xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me.


Elabena ele bɔbɔe na kposɔ be, wòato abi ƒe vo me wu alesi kesinɔtɔ nayi ɖe mawufiaɖuƒe la mee.


Eye ne wò ŋku ɖia nu wò la, hoe le eme; enyo na wò bena, nayi ɖe mawufiaɖuƒe la me kple ŋku ɖeka, wu esi ŋku eve nanɔe na wò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me,


Eye megale egblɔm na mi hã bena: Ele bɔbɔe na kposɔ be, wòato abi ƒe vo me wu alesi kesinɔtɔ nayi de dziƒofiaɖuƒe la mee.


Nenema ke Fofonye, si le dziƒo la, hã lawɔ mi, ne mia dome amesiame metsɔ ke nɔvia tso eƒe dzi me o.


Amesi léa tum la, eléa fu Fofonye hã.


Egayi zi evelia, eye wòdo gbe ɖa gblɔ bena: Fofonye, ne esia nu mate ŋu ayi o, wònye ɖeko manoe la, woawɔ wò lɔlɔ̃nu.


Ke Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Woayra wò, Simon, Bar-Yona! Elabena ŋutilã kple ʋu meɖe esia fia wò o, negbe Fofonye, si le dziƒowo la ko.


eye wòakplɔ wo kple gatikplɔ, eye woagbã wo gudugudu abe zemela ƒe zewo ene, abe alesi nye hã mekpɔ ŋusẽ tso Fofonye gbɔ ene,


Ɖe mienyam la, ne mienya Fofonye hã, eye tso esia dzi la míenyae, eye miekpɔe.


Ke eɖo ŋu na wo bena; Fofonye le dɔ wɔm vaseɖe fifi, eye nye hã mele ɖo wɔm.


Eye esi wote yi ŋgɔ ʋee la, edze klo tsyɔ mo anyi hedo gbe ɖa gblɔ bena: Fofonye, ne ate ŋui la, na be, kplu sia nato ŋutinye ayi; gake la menye alesi nye ŋutɔ medi o, negbe alesi wòa nèdi ko.


Mikpɔ nyuie, ne miagado vlo nenem ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka o; elabena mele egblɔm na mi bena: Woƒe mawudɔla, siwo le dziƒowo la, le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe mo kpɔm ɖaasi.


Megale egblɔm na mi hã bena: Ne mia dome ame eve woawɔ ɖeka le anyigba dzi le nusianu me, eye woaɖe kuku la, ava ve me na wo tso Fofonye, si le dziƒowo la gbɔ.


Ke esi woyi edze ge la, ŋugbetɔsrɔ̃ la va; eye amesiwo dzra wo ɖokui ɖo la, wokpe ɖe eŋuti yi srɔ̃ɖeƒe la, eye wotu ʋɔtru la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite