Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 7:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Elabena agbo la le biie, eye mo la hã xaxa, si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me, eye ame ʋeewo nye amesiwo kpɔnɛ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Ke agbo si le xaxɛe, mɔ la hã le buie la kplɔa amewo yina ɖe agbe me, eye ame ʋɛ aɖewo koe toa mɔ sia.

Gade chapit la Kopi




Mateo 7:14
27 Referans Kwoze  

Elabena ame geɖewo nye amesiwo woyɔ; ke ame ʋeewo nye amesiwo wotia.


Eye migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.


Ametoƒe kple mɔ tata anɔ afima, si woayɔ be „mo tata kɔkɔe.“ Ame makɔmakɔa ɖeke mato edzi o; woawo ɖeɖeko tɔ wòanye. Amesi ke to edzi la, matra mo o, keke gegemewo ke hã.


Eye wòyɔ ameha la kple eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ na wo bena: Amesi ke le lɔlɔ̃m bena, yeadze yonyeme la, negbe nu le ye ŋutɔ dokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe atitsoga, eye wòadze yonyeme.


hele ŋusẽ ɖom nusrɔ̃lawo ƒe luʋɔwo, eye wole nu xlɔ̃m wo be, woanɔ xɔse la me; eye bena xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me.


Dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi zɔm mele kple nu dzɔdzɔe ƒe toƒe,


eye miaƒe to ase nya sia le mia megbe bena: Mɔ la enye si, mito edzi! nenye ɖusi me alo mia me miebe, yewoato.


Esiawo megblɔ na mi, bena míakpɔ ŋutifafa le menye. Le xexea me la miekpɔ xaxa; gake miaƒe dzi nedze eme; nye la meɖu xexeame dzi.


Nenem eye mlɔetɔwo lazu gbãtɔwo, eye gbãtɔwo lazu mlɔetɔwo; elabena ame geɖewo nye amesiwo woyɔ, eye ame ʋeewo nye amesiwo wotia.


Ale Yehowa gblɔ esi: Miyi mowo dzi, miɖo ŋku anyi, eye mibia blema mɔwo ta se be, mɔ kae nye nyuia hã, eye mizɔ edzi, ne miakpɔ gbɔdzɔe na miaƒe luʋɔwo. Ke woawo ɖo ŋu be: Miele edzi to ge o.


Ha sue, megavɔ̃ o! Elabena edze mia Fofo la ŋu be, yeatsɔ fiaɖuƒe la na mi.


Eye wògblɔ be: Mita mɔ, mita mɔ, mikplɔ mɔwo dzi; miɖe nukikliwo katã ɖa le mɔ me na nye dukɔ!


Nukaŋuti? Elabena womedii tso xɔse me o, ke wodii tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me; wokli nukikli ƒe kpe la,


Woaɖe mi le woƒe ha me, ẽ, gaƒoƒo li gbɔna bena, amesiame, si awu mi la, abu xa bena, yele subɔsubɔdɔ wɔm na Mawu.


Àna menya agbemɔ la, dzidzɔ bɔ ɖe ŋkuwò me, eye vivisese le wò nuɖusi me tegbee.


Miyi ɖe agbo bii la me; elabena agbo la keke, eye mɔ la le gbadza, si kplɔa amewo yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewo nye amesiwo le edzi yina ɖe eme.


Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti, amesiwo vaa mia gbɔ le alẽgbalẽwo me, eva le wo me la wonye amegãxi nyanyrãwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite