Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 7:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eyaŋuti nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo; elabena esia enye se la kple nyagblɔɖilawo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Le nu sia nu me la, nu siwo ke miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nu mawo ke na ame bubuwo hã, elabena esiae nye Se la kple Nyagblɔɖilawo ƒe nufiafia ƒe taƒonya.

Gade chapit la Kopi




Mateo 7:12
19 Referans Kwoze  

Eye alesi miedi bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwo na wo nenema ke.


Megawɔ wɔɖenui o, eye megalé dɔmedzoe, si wò dukɔ me viwo do na wò la, ɖi o; ke boŋ nalɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene. Nyee nye Yehowa!


Amegbetɔ, egblɔ nusi nyo la na wò; nusi ko dim Yehowa le tso asiwò la, enye be, nawɔ nusi le eteƒe, nalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye uabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋku me.


Ke sedede ƒe nuwuwu enye lɔlɔ̃, si tso dzi dzadzɛ kple dzitsinya nyui kpakple xɔse, si me alakpaa ɖeke mele o la me;


Maɖi ʋɔnu ɖe mia ŋu, eye manye ɖasefo zãzɛ ɖe dzotɔwo kple ahasitɔwo, atam dzodzro kalawo kple amesiwo ŋea fetu ɖe eme na dɔwɔlawo, ɖe amesiwo tea ahosiwo, tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo ɖe anyi, eye wogbem vɔvɔ̃ la ŋufi; Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Ne ame vɔ̃ɖi trɔ tso eƒe nuvɔ̃, siwo katã wòwɔna la me, eye wòlé nye ɖoɖowo katã me ɖe asi hewoa nu dzodzoe kple nusi le eteƒe la, ana agbe, maku o.


Migabu xa bena, meva se la alo nyagblɔlawo tu ge o. Nyemeva wo tu ge o, ke boŋ wo nu wu ge meva.


Ne miewu fiasedede la nu le ŋɔŋlɔ la nu be: „Nalɔ̃ hawòvi, abe alesi nèlɔa ɖokuiwò ene la,“ ekema miewɔe nyuie.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite